Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 4:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eye Yesu xɔ edzi gblɔ nɛ bena: Woŋlɔ ɖi bena: „Menye abolo ɖeɖeko ŋuti ame lanɔ agbe ɖo o, negbe le Mawu ƒe nya sia nya ŋuti.“

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Woŋlɔ ɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔea me be, Menye nuɖuɖu ɖeɖe ko ŋuti ame nanɔ agbe ɖo o.”

Gade chapit la Kopi




Luka 4:4
13 Referans Kwoze  

Eye wòbɔbɔ wò ɖe anyi hena dɔ wu wò, eye wonyre wò kple mana, si wò ŋutɔ kple fofowòwo mienyã o, bena wòana nadze sii be, amegbetɔ mele abolo ƒe agbe ko o, ke boŋ amegbetɔ le agbe le nya, siwo katã do tso Yehowa nu la ta.


Ke eya ɖo eŋu gblɔ bena: Woŋlɔ ɖi bena: „Menye abolo ɖeɖe ko ŋuti ame lanɔ agbe ɖo o, negbe ɖe nya sia nya, si dona tsoa Mawu ƒe nu me la ŋuti.“


Eye miɖo xoxo ƒe gakuku la, eye mihe Gbɔgbɔ ƒe yi, si nye mawunya la, ɖe asi.


Eyaŋuti migaɖe fu na mia ɖokui agblɔ bena: Nuka míaɖu, nuka miano, alo nuka míatsɔ ata mahã o.


Ne miesubɔ Yehowa, miaƒe Mawu la, ekema ayra ɖe wò nuɖuɖu kple wò nunono dzi, eye maxe mɔ na dɔléle, be mava mia dome o.


elabena woŋlɔ ɖi bena: „Ade se na eƒe dɔlawo le ŋutiwò bena, woakpɔ tawò nyuie,


Eye Yesu xɔ edzi gblɔ nɛ bena: Woŋlɔ ɖi bena: „Aƒetɔ, wò Mawu la, naɖe la agu na, eye eya ɖeka ko nasubɔ.“


Eye wògblɔ na wo bena. Esi medɔ mi, gakotoku kple mɔzɔkotoku kple atokotawo manɔ mia sii la, ɖe nane hiã mi mahã? Eye wogblɔ bena: Naneke mehiã mí o.


Gblẽ wò tsyɔ̃eviwo ɖi nam, maxɔ wo ɖe agbe, eye wò ahosiwo neɖo dzi ɖe ŋunye!


Mitrɔ ɖe nufiame kple ɖaseɖiɖi la ŋu! Ne womegblɔ alea o la, ekema agu medze na wo o.


Eye Abosam gblɔ nɛ bena: Nenye Mawuvi nènye la, ekema gblɔ na kpe sia, ne wòatrɔ zu abolo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite