Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 4:39 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

39 Eye esi wòtsi tre bi ɖe edzi la, ewo ɖe ŋudza la ta, eye wòdzo le edzi; ke etsi tre enumake, eye wòsubɔ wo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

39 Yesu yi ɖatsi tsitre ɖe dɔnɔa ƒe aba gbɔ, eye wòɖe gbe na dɔlélea be wòaɖe asi le eŋu. Dzoxɔxɔ sesẽ si nɔ nyɔnu la ƒe lãme la nu bɔbɔ enumake, eye eƒe lãme sẽ. Ale wòtso yi ɖaɖa nu va ɖo woƒe akɔme.

Gade chapit la Kopi




Luka 4:39
7 Referans Kwoze  

Eye gbɔgbɔ vɔ̃wo hã do go le ame geɖewo me, eye wole ɣli dom le gbɔgblɔm bena: Wòe nye Mawu ƒe Vi la. Eye wòwona ɖe wo ta, eye mena mo wo be, woaƒo nu o, elabena wonyae bena, eyae nye Kristo la.


Eye Yesu wo ɖe eta gblɔ bena: Mia wò nu, eye naɖo go le eme! Eye esi Abosam la tsoe xlã ɖe titina la, eɖo go le eme, eye mewo nu ve-via ɖekee o.


Ke wova egbɔ, eye wonyae gblɔ bena: Amegã, amegã, miele tsɔtsrɔ̃m! Eye wòfɔ blu ɖe ya kple ƒutsotsoeawo ta, eye wodzudzɔ, eye ɖoɖoe zi kpoo.


Aleke maɖo dɔmenyo, siwo katã Yehowa wɔ nam la, teƒe nɛ?


Eye enumake esi wodo go tso ƒuƒoƒea la, Yakobo kple Yohanes kpe ɖe wo ŋu yi ɖe Simon kple Andrea ƒe me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite