Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 4:25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Ke nyateƒe gblɔm mele na mi bena: Ahosi geɖewo le Israel le Eliya ƒe ŋkekewo me, esime wotu dziƒo nu ƒe etɔ̃ kple ɣleti ade, eye dɔwuame gãa ɖe va anyigba la katã dzi;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

25 Mele egblɔm na mi kple kakaɖedzi be ahosi geɖewo nɔ Israel le Eliya ŋɔli, esi wotu dziƒo nu ƒe etɔ̃ kple afã, eye dɔwuame sesẽ aɖe va anyigba blibo la dzi.

Gade chapit la Kopi




Luka 4:25
12 Referans Kwoze  

Eliya nye ame, eye nu venɛ abe míawo ene, eye wòɖo gbea ɖe ɖa, bena tsi nagadza o, eye tsi megadza ɖe anyigba dzi o ƒe etɔ̃ kple ɣleti ade sɔŋ.


Eye Eliya, Tisbitɔ, si tso Gilead ƒe amedzrowo dome, gblɔ na Axab bena: Meta Yehowa, Israel ƒe Mawu, amesi ŋku me mele tsitre ɖo la ƒe agbe. Zãmu kple tsi madza le ƒe siawo me o, negbe nye koe agblɔe hafi!


Alo ɖe ma mele asinye bena, mawɔ nusi nye tɔnye la ŋuti do, alesi melɔ̃ o mahã? Alo nye ɖɔmenyonyo ŋutie nèle ŋku biam ɖe ŋutinye ɖo mahã?


Elabena Yehowa be: Nye susuwo menye miaƒe susuwo o, eye miaƒe mɔwo menye nye mɔwo o;


Le gaƒoƒo ma ke dzi la etso aseye le Gbɔgbɔ kɔkɔe la me gblɔ bena: Fofo, dziƒo kple anyigba ƒe Aƒetɔ, mekafu wò, elabena ètsɔ nusiawo ɣla ɖe nunyalawo kple nugɔmeselawo, eye nèɖe wo fia vidzĩewo; ẽ, Fofo, elabena nenemae nyoa ŋuwò.


eya, amesi me míexɔ domenyinyi la hã le, esime woɖo mí ɖi le amesi wɔa nuwo katã le eƒe lɔlɔ̃nu ƒe adaŋudede nu la, ƒe tameɖoɖoɖi la nu,


esi wòna míenya eƒe lɔlɔ̃nu ƒe nya ɣaɣla la le eƒe ŋudzedze, si wòɖo ɖi le eɖokui me la nu


Blewu, oo ame! Ameka nènye, wò amesi le nya hem kple Mawu la mahã? Ɖe numeme la lagblɔ na mela bena: Nukaŋuti nèmem ale mahã?


Elabena egblɔ na Mose bena: „Makpɔ nublanui na amesi ke makpɔ nublanui na, eye nye dɔme atrɔ ɖe amesi ke ŋuti nye dome atro ɖo la ŋuti.“


Ŋusẽ le amesiawo si be, woatu dziƒo nu, bena tsi magadza le woƒe nyagblɔdiŋkekeawo me o, eye ŋusẽ le wo si ɖe tɔwo dzi, be woatrɔ wo woazu ʋu, eye be woatsɔ fuwɔame tsyo ƒomevi aƒo anyigba la zi geɖe, alesi wolɔ̃.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite