Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 4:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Eye ameawo katã ɖi ɖase nɛ, eye woƒe mo wo yaa le amenuvevenya, siwo do go tso eƒe nu me lã ŋuti, eye wogblɔ bena: Alo amesia la menye Yosef vie o ɖe?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

22 Ame siwo katã nɔ xɔa me la kafui, eye woƒe mo wɔ yaa le amenuvevenya siwo wògblɔ la ta. Wobia wo nɔewo be, “Nya kae nye esia? Alo menye Yosef vie oa?”

Gade chapit la Kopi




Luka 4:22
20 Referans Kwoze  

Eye wogblɔ bena: Alo amesia la menye Yesu, Yosef vi la, amesi toto kple dada miawo mienyã lae o ɖe? Azɔ aleke wɔ amesia le gbɔgblɔm bena: Meɖi tso dziƒo va mahã?


Nya nyuiwo le fiefiẽm le nye dzi me wlɔwlɔwlɔ. Mebe: Nye hawo nye fia la tɔ; nye aɖe enye amesi bi ɖe nuŋɔŋlɔ me la, ƒe nuŋlɔti.


Amesi si dzi nyanu le la, woyɔna be nugɔmesela; nya vivi dzia nufiame ɖe dzi.


wò nyagbɔgblɔ nana blibo, si womate ŋu abu fɔ o, bena ŋu nakpe amesi tsi tre ɖe eŋuti, le esi nyaa ɖeke mele esi be, wòagblɔ vɔ̃ ɖe mía ŋuti o la ta.


Eye womete ŋu tsi tre de nunya kple gbɔgbɔ, si wòtso le nu ƒom la nu o.


Atikplɔtɔwo ɖo ŋu bena Amea ɖeke meƒo nu ale, abe alesi amesia ƒo nui ene kpɔ o.


elabena nye la mana nu kple nunya mi, si ŋuti miaƒe ketɔwo katã mate ŋu atsi tre alo aƒo nu ɖo o.


Aƒetɔ Yehowa tsɔ nusrɔ̃viwo ƒe aɖe nam, ne manya alesi matsɔ nuƒoƒo akpe ɖe amesiwo ŋu ɖeɖi te la ŋui. Enyɔam ŋdi sia ŋdi, eʋua to nam, ne mase nu abe nusrɔ̃vi ene.


vivi le eƒe nu me, eye eyama ɖze ani. Yerusalem-nyɔnuviwo, nye lɔlɔ̃tɔ lae nye esia: amesiae nye xɔ̃nye la!


Nya, si wogblɔ de egblɔɣi la, sikatɔtɔŋuti wònye le klosalogba me.


Ame dzɔdzɔe ƒe nuyi nyaa nya dzeto gbɔgblɔ, ke ame vɔ̃ɖi ƒe nu enye alakpago.


Ta wò yi, wò bubu kple wò atsyɔ̃ɖoɖo ɖe ali, wò kalẽtɔ!


eye amesiwo katã see la, woƒe mo wɔ yaa le eƒe nugɔmesese kple eƒe ŋuɖoɖowo ŋuti.


Nyia, si tso nunyala nu la, nyo; ke bometsila ƒe nuyi gblẽa eya ŋutɔ ɖokui dome.


Eye esi wokpɔe la, kuvia ɖo wo, eye dadaa gblɔ nɛ bena: Vinye, nukaŋuti newɔ ɖe mia ŋu ale? Kpɔ ɖa, mia kple fofowò miedi wò kple nuxaxa.


Eye wòde asi gbɔgblɔ me na wo bena: Egbe wowu ŋɔŋlɔ sia nu le miaƒe towo me.


Filipo kpɔ Natanael, eye wògblɔ nɛ bena: Míekpɔ Yesu. Yosef vi tso Nazaret, amesi ŋuti woŋlɔ ɖi le le Mose ƒe se la kple nyagblɔɖilawo me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite