Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 4:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Eye wòva Nazaret, afisi wonyii le, eye le eƒe kɔa nu la eyi ɖe ƒuƒoƒe la le Sabat-ŋkeke dzi, eye wòtsi tre be, yeaxlẽ agbalẽ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

16 Eva Nazaret, afi si wonyii le, eye wòyi woƒe ƒuƒoƒe le Dzudzɔgbe ŋkekea dzi abe ale si wòwɔnɛ ene. Esi wòtso be yeaxlẽ mawunya la,

Gade chapit la Kopi




Luka 4:16
14 Referans Kwoze  

eye abe alesi Paulo nɔa wɔwɔm ene la, eyi eme ɖe wo gbɔ; eye Sabat etɔ̃ sɔŋ wòɖo dze na wo tso ŋɔŋlɔawo me;


eye wòva nɔ du, si woyɔna be Nazaret la me, bene woawu nya, si wogblɔ ɖe anyi to nyagblɔɖilawo dzi la nu bena: Woayɔe be Nazaretetɔ.


Eye wòyi kpli wo, eye wòva Nazaret, eye wòbɔbɔ eɖokui na wo, eye dadaa tsɔ nya siawo katã dzra ɖo ɖe eƒe dzi me.


Eye esi wòxɔ ƒe wuieve la, woyi Yerusalem le ŋkekenyuie ƒe koa nu.


Yesu ɖo ŋu nɛ bena: Nye la meƒo nu na xexeame le gaglãgbe, mefia nu ɖaa le ƒuƒoƒewo kple mawuƒe me, afisi Yudatɔwo katã ƒoa ƒu ɖo, eye nyemegblɔ nyaa ɖeke le ɣaɣlaƒe kpɔ o.


Eye wòde asi gbɔgblɔ me na wo bena: Egbe wowu ŋɔŋlɔ sia nu le miaƒe towo me.


Eye esi wowu nuwo katã nu le Aƒetɔ ƒe sea nu la, wògatrɔ yi Galilea ɖe woawo ŋutɔ ƒe du Nazaret la me.


Eye wòfiã nu le woƒe ƒuƒoƒewo, eye wo katã wokafui.


Eye wotso nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽ nɛ, eye esi wòdu agbalẽa la, ekpɔ teƒe, afisi woŋlɔ ɖo bena:


Eye wògblɔ na wo bena: Míado lo sia nam tsã be: „Gbedala, da gbe ɖokuiwò ŋu!“ Nusiwo miese bena, nèwɔ le Kapernaum la, wɔe le mía ɖe afisia hã.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite