Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 3:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eye wòva Yordan-nutowo katã me godoo hele gbe ƒã ɖem dzimetɔtrɔ ƒe mawutsidedetaname hena nuvɔ̃wo ƒe keke;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Yohanes nɔ tsatsam tso teƒe yi teƒe le Yɔdan tɔsisi la ƒe go eveawo dzi, nɔ mawunya gblɔm be amewo nede tsi ta; ne wòafia be wotrɔ dzi me, ale be wòatsɔ woƒe nu vɔ̃wo ake wo.

Gade chapit la Kopi




Luka 3:3
12 Referans Kwoze  

be nana xɔxɔ ƒe nyanya le woƒe nuvɔ̃tsɔtsɔke me


Eye azɔ, nuka wo nèle hehem ɖe megbea? Tsi tre, eye na woade mawutsi ta na wò, eye woaklɔ wò nuvɔ̃wo ɖa, eye nayɔ Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa dzi.


Tete Paulo gblɔ be: Yohanes de mawutsi ta na ame kple dzimetɔtrɔ ƒe mawutsidedeta hegblɔ na dukɔ la bena, woaxɔ amesi gbɔna le eyome la dzi ase: eyae nye Yesu.


le esime Yohanes gblɔ dzimetɔtrɔ ƒe mawutsidedetaname fia Israel dukɔ blibo la katã le eƒe vava ŋgɔ.


Eye wova Yohanes gbɔ gblɔ nɛ bena: Rabi, amesi le Yordan godo kpli wò, amesi ŋuti nèɖi ɖase le la, kpɔ ɖa, eya ke le mawutsi dem ta na amewo, eye amewo katã yi egbɔ.


Nye la metso tsi de mawutsi la na mi hena dzimetɔtrɔ; gake amesi le megbenye gbɔna la, tri akɔ wum, amesi ƒe atokotawo medzem be, matsɔ wo o la, eya atso Gbɔgbɔ kɔkɔe kple dzo ade mawutsi ta na mi;


Nusiawo va ve me le Betania le Yordan godo, afisi Yohanes le mawutsi dem ta na amewo le.


Eye wòatrɔ Israel-viwo dome ame geɖewo ava Aƒetɔ, woƒe Mawu la gbɔ.


Eye Yesu, esi wòyɔ fũ kple Gbɔgbɔ kɔkɔe la, egbugbɔ tso Yordan nu, eye Gbɔgbɔ la kplɔe yi gbedzi,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite