Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 3:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 etsɔ Yohanes de gaxɔ me hekpe ɖe nusiawo katã ŋuti.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

20 Herod lé Yohanes hã de gaxɔ me.

Gade chapit la Kopi




Luka 3:20
14 Referans Kwoze  

elabena wòtrɔ ame kɔkɔewo kple nyagblɔɖilawo ƒe nu kɔ ɖe anyi, eye nètsɔ ʋu na wo, bena woano, eye wòdze wo nenema.


Elabena womede Yohanes gaxɔ me haɖe o.


Yakatsyɔ meƒo mia viwo, wodo toku tohehe la. Miaƒe yi ɖu miaƒe nyagblɔɖilawo abe dzata vuvunu ene.


Tete wosẽ to, eye wodze aglã ɖe ŋuwò, wotsɔ wò se la ƒu gbe ɖe megbe, eye wowu wò nyagblɔɖila, siwo xlɔ̃ nu wo, be wioatrɔ wo ɖe ŋuwò la, eye wobɔ ahɔhlɔ ga.


Ke woɖe alɔme le Mawu ƒe ame dɔdɔawo ŋu, wodo vlo eƒe nyawo, eye woɖu fewu le eƒe nyagblɔɖilawo ŋu, vaseɖe esime Yehowa do dɔmedzoe ɖe eƒe dukɔ ŋu ɖe dzi, eye womete ŋu lé enu o.


hekpe ɖe ʋu maɖifɔ, si wòkɔ ɖe anyi, eye wotsɔ ʋu maɖifɔ yɔ Yerusalem taŋ la ŋuti; eyata Yehowa meba, yeatsɔe ake o.


Manase kɔ ʋu maɖifɔ geɖe ŋutɔ hã ɖi, vaseɖe esime wona Yerusalem yɔ tso go ɖeka me vaseɖe go keme me hekpe ɖe eƒe nuvɔ̃, siwo wotsɔ ble Yuda wòwɔ nusi nye vɔ̃ le Yehowa ŋku me la ŋuti.


Ke esi Yesu se bena, wotso Yohanes de asi la, edzo heyi ɖe Galilea.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite