Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 3:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Eye asrafowo hã biae gblɔ bena: Miawo hã nuka wo ge míala? Eye wògblɔ na wo bena: Migado ŋɔdzi na amea ɖeke xɔ nu le esi o, eye migatso amea ɖeke nu hã dzro o, eye miaƒe fetu nadze mia ŋu!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

14 Asrafo aɖewo siwo le afi ma la biae be, “Míawo ya ɖe aleke míawɔ?” Yohanes ɖo eŋu na wo be, “Migaxɔ ga le amewo si akpasesẽtɔe o. Ne mienya be ame aɖe mewɔ nane o la, migahe nya ɖe eŋu alakpatɔe o. Fetu si miexɔna la hã nedze mia ŋu!”

Gade chapit la Kopi




Luka 3:14
15 Referans Kwoze  

Megaɖi aʋatsoɖase le hawòvi ŋuti o.


Menye ɖe megblɔ esia le hiahiã ŋuti o; elabena nye la mesrɔ̃e bena, anyinɔnɔ, si ke me mele la, nadze ŋunye.


Migafi fi o, migasẽ nu o, eye amea ɖeke megable nɔvia o.


Megasa sakpli o. Wò nu meganɔ ŋutasẽla ƒe nya me, be nazu aʋatsoɖaseɖila o.


Eye Zaxeo tsi tre gblɔ na Aƒetɔ la bena: Kpɔ ɖa, Aƒetɔ, metsɔ nye nuwo ƒe afã na ame dahewo, eye ne medzɔ nu le amea ɖe si dzro la, meɖoa eteƒe ne zi ene.


Eye mese gbe gãa ɖe le dziƒo le gbɔgblɔm bena: Azɔ xɔname kple ŋusẽ kpakple fiaɖuƒe la zu mía Mawu la tɔ, eye ŋusẽ la zu eƒe Kristo la tɔ; elabena wotsɔ mia nɔviwo nutsola, si nɔa wo nu tsom le Mawu ƒe ŋku me zã kple keli la, ƒu gbe.


Nenema ke nyɔnu tsitsiwo hã nanɔ anyi, abe alesi wòdze nyɔnu kɔkɔewo ene: Wòaganye ameŋuzɔlawo o, wòaganye aha geɖe nola wo o; ke boŋ woanye nu nyui fialawo,


bena miazu mokaka manɔŋutɔwo kple ame dzadzɛwo, mawuvi, siwo nye ame maɖifɔwo le dzidzime gɔglɔ̃ totro kpaɖikpaɖi titina, amesiwo dome mieklẽna le abe akaɖiwo ene le xexeame,


Ke esi dɔla, si ƒo nu kplii la; dzo la, eyɔ eƒe dɔlawo dome ame eve kpe ɖe asrafoa ɖe, si vɔ̃a Mawu la ŋu, tso amesiwo dzɔ a eŋu la dome;


Eye esi wòva Kapernaum la, aʋafiaa ɖe va egbɔ le kuku ɖem nɛ


Eye amehawo biae bena: Ekema nuka wɔ ge míala?


Eye wògblɔ na wo bena: Nusi ke woɖo na mi la, migaxɔ xɔɖedzi o.“


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite