Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 3:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Eye wògblɔ na wo bena: Nusi ke woɖo na mi la, migaxɔ xɔɖedzi o.“

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 Yohanes ɖo eŋu na wo be, “Mito nyateƒe le miaƒe dugadzɔdzɔ me. Mikpɔ nyuie be miagadzɔ ga le ame aɖeke si wu ale si woɖo na mi la o.”

Gade chapit la Kopi




Luka 3:13
15 Referans Kwoze  

kple fiafitɔwo kple ŋubiãlawo kple ahamulawo kple busubɔlawo kple adzodalawo la womanyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o.


Eye Zaxeo tsi tre gblɔ na Aƒetɔ la bena: Kpɔ ɖa, Aƒetɔ, metsɔ nye nuwo ƒe afã na ame dahewo, eye ne medzɔ nu le amea ɖe si dzro la, meɖoa eteƒe ne zi ene.


Fiafitɔ la nagafi fi o, ke boŋ nedze agbagba, ne woatso eƒe asiwo awɔ dɔ nyui, bene wòakpɔ nane aɖana hiãtɔwo.


Amegbetɔ, egblɔ nusi nyo la na wò; nusi ko dim Yehowa le tso asiwò la, enye be, nawɔ nusi le eteƒe, nalɔ̃ dɔmenyowɔwɔ, eye uabɔbɔ ɖokuiwò ɖe anyi ahazɔ le wò Mawu ŋku me.


Eyaŋuti nusianu, si mielɔ̃na bena, amewo nawɔ na mi la, miawo hã miwɔ nenema ke na wo; elabena esia enye se la kple nyagblɔɖilawo.


Eyata miawo hã, esi ɖaseɖilawo ƒe alilikpo gã ŋutɔ ƒo xlã mí la, mina miaɖe nu kpekpe sia nu kpekpe kple nuvɔ̃, si ɖea to ɖe mi la ɖa, eye mina miatsɔ dzidodo anɔ dudimekeke, si woɖo na mí la dzi,


Amesi tsɔ nu tsyɔ eƒe vodada dzi la, madze edzi nɛ o; ke amesi ʋu eme, eye wòdzudzɔe la, woave enu.


Wò sewo katã le ŋkunye me, eye nyemeɖe wò ɖoɖowo ɖa le gbɔnye o.


Eye nudzɔlawo hã va be, wòade mawutsi ta na yewo, eye wogblɔ nɛ bena: Nufiala, nuka wɔ ge míala?


Eye asrafowo hã biae gblɔ bena: Miawo hã nuka wo ge míala? Eye wògblɔ na wo bena: Migado ŋɔdzi na amea ɖeke xɔ nu le esi o, eye migatso amea ɖeke nu hã dzro o, eye miaƒe fetu nadze mia ŋu!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite