Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 3:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye le kaisaro Tiberio ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiatɔ̃lia me, esi Pontio Pilato le mɔ̃mefia ɖum le Yudea, eye Herodes enye dziɖula le Galilea, eye nɔvia Filipo enye dziɖula le Iturea kple Traxoniti-nyigbawo dzi, eye Lisania enye dziɖula le Abilene,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Le Kaisaro Tibero ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiatɔ̃lia me, esi Pontio Pilato nye mɔmefia le Yudea eye Herod nye dziɖula le Galilea, eye nɔvia Filipo hã nye dziɖula le Iturea kple Trakonitis, eye Lisania hã nɔ Abilene dzi ɖum,

Gade chapit la Kopi




Luka 3:1
19 Referans Kwoze  

Eye wòva ve me le ŋkeke mawo me be, sedede tso kaisaro Augusto gbɔ bena, woaxlẽ xexeame katã aŋlɔ.


eye wobiae, kplɔe yi ɖade asi na Pontio Pilato, mɔ̃mefia la.


Tete fia la kple mɔ̃mefia la kple Bernike kpakple amesiwo bɔbɔ nɔ anyi kpli wo la, tsi tre,


Ke le ƒe eve megbe la Porkio Festo va nɔ Felike teƒe; eye esi Felike le didim be, yeave Yudatɔwo nu la, egblẽ Paulo ɖe ga me.


Klaudio Lisia tsɔ esia ɖuɖɔ mɔ̃mefia nyui Felike ƒã!


Elabena vavã woƒo ƒu le ɖu sia me ɖe wò dɔla kɔkɔe Yesu, amesi nèsi ami na la ŋuti, Herodes kple Pontio Pilato kpe ɖe trɔ̃subɔlawo kple Israel-dukɔwo ŋuti,


Tete Pilato tso afia bena, woawo woƒe biabia dzi na wo.


Ke esi dziɖula Herodes se nusiwo katã wòwɔ la, etsi dzodzodzoe, elabena amea ɖewo gblɔ be: Yohanes tsi tre tso ame kukuwo dome;


ke dziɖula Herodes, si wogbe nya na le Herodia, nɔvia srɔ̃ kple nu vɔ̃ɖi, siwo katã Herodes wɔ la ŋuti la,


Ke Herodes ŋutɔe dɔ wòlé Yohanes, eye wobiae de gaxɔ me le Herodia, si nye nɔvia Filipo srɔ̃ la, ŋuti, elabena eɖee.


Elabena esi Herodes lé Yohanes la, eblae hede gaxɔ me le Herodia, si nye nɔvia Filipo srɔ̃ la ŋuti.


Le ɣemaɣi me la dziɖula Herodes se Yesu ŋkɔ.


Atamkayi magbe Yuda si nanɔ o, eye womede fiatikplɔ da le ekɔme o, vaseɖe esime amesi tɔ wònye nava; amesi dukɔwo ana tae.


Ke esi woɖu Herodes ƒe dzigbe la, Herodia ƒe vinyɔnuvi la va ɖu ɣe le wo titina, eye wòdze Herodes ŋu.


Eyaŋuti gblɔe na mi, nuka nèsusuna mahã? Woɖe mɔ bena, woadzɔ nu na kaisaro loo, womeɖe mɔ o mahã?


Eye le ŋkeke, si dze eƒe dzi ŋu dzi la Herodes tu aglo le eƒe dzigbeŋkeke dzi na eƒe amegãwo kple aʋafia gãwo kpakple Galilea-me ŋkutawo;


Le gaƒoƒo ma me ke farisitɔa ɖewo va gblɔ nɛ bena: Do go, eye nadzo le afisia; elabena Herodes le didim be, yeawu wò.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite