Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 24:52 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

52 Eye esi wodze klo de ta agu nɛ la, wogbugbɔ yi Yerusalem kple dzidzɔ gã;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

52 Le esime wòdzo yina la, nusrɔ̃lawo dze klo, eye wosubɔe. Emegbe wotrɔ yi Yerusalem kple dzidzɔ manyagblɔ aɖe.

Gade chapit la Kopi




Luka 24:52
11 Referans Kwoze  

Eye kpɔ ɖa, Yesu va kpe wo gblɔ bena: Miɖo aƒe! Eye wote ɖe eŋu lé eƒe afɔwo hedze klo nɛ.


Azɔ miawo hã miele nu xam fifia; ke magakpɔ mi, eye miaƒe dzi lakpɔ dzidzɔ, eye miaƒe dzidzɔ la, amea ɖeke maxɔe le mia si o.


Yehowa, see, eye nave nanye; Yehowa, nanye nye xɔnametɔ!


amesi miele kpɔkpɔm o, gake mielɔ̃nɛ; amesi miekpɔ haɖe o, gake miexɔa edzi sena, eye mietsɔa dzidzɔ, si mele gbɔgblɔ o, si ŋutikɔkɔe li na la, tsoa aseye,


Toma ɖo ŋu gblɔ ne bena: Nye Aƒetɔ kple nye Mawu!


Miese alesi megblɔ na mi bena: Mele dzodzom, eye magava mia gbɔ. Ɖe mielɔ̃m la, ne miekpɔ dzidzɔ bena, meyina Fofo, amesi lolo wum la gbɔ.


Eye esi wokpɔe la, wodze klo nɛ, ke amea ɖewo ke ɖi.


Gake la nyateƒe gblɔm mele na mi: Enyo na mi be, meyina; elabena ne nyemeyi o la, nyaxɔɖakɔla mele mia gbɔ va ge o; ke ne meyi la, maɖoe ɖe mi.


Eye wòva ve me, esime wòle wo yram la, wotee ɖa le wo gbɔ, eye wokɔe yi dziƒo.


eye wonɔa mawuxɔ la me ɖaa henɔa Mawu kafum.


Tete wotrɔ yi Yerusalem tso to si woyɔna be Amito la dzi, esi tsɔ ɖe Yerusalem gbɔ anɔ Sabat dzi ƒe azɔlizɔzɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite