Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 24:36 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

36 Ke esi wole nu ƒom le nusiawo ŋuti la, eya ŋutɔ tsi tre ɖe wo titina, eye wògblɔ na wo bena: Ŋutifafa nanɔ anyi kpli mi!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

36 Esi ŋutsuawo nɔ woƒe nuteƒekpɔkpɔwo gblɔm la, Yesu ŋutɔ va do ɖe wo dome hedo gbe na wo be, “Ŋutifafa na mi.”

Gade chapit la Kopi




Luka 24:36
13 Referans Kwoze  

Ke ŋutifafa ƒe Aƒetɔ la ŋutɔ nana ŋutifafa mi le ɣeawokatãɣi me le nusianu me. Aƒetɔ la nanɔ anyi kpli mi katã!


Eye aƒe, si ke me miayi ɖo la, gbã migblɔ bena: Ŋutifafa na aƒe sia!


Eya megbe la eɖe eɖokui fia ame wuiɖekɛawo ŋuta, esi wole nuɖuƒe; eye wòhe nya ɖe wo ŋu le woƒe dzimaxɔse kple dzimesesẽ la ŋuti bena, womexɔ amesiwo kpoe wòtsi tre la, dzi se o.


Mekpɔ eƒe mɔwo, mayɔ dɔe, makplɔe, eye mafa akɔ na eya kple eƒe nuxalawo.


Yohanes ŋlɔ ɖo ɖe hame adre, siwo le Asia la bena: Amenuveve kple ŋutifafa nana anyi kpli mi tso amesi li, eye wònɔ anyi, eye wòle vavagela gbɔ, eye tso gbɔgbɔ adre, siwo le eƒe fiazikpui ŋgɔ la gbɔ,


eye bena ede eɖokui fia Kefa, emegbe la ame wuieve la.


Eye le ŋkeke enyi megbe la nusrɔ̃lawo gale xa ma me, eye Toma le wo dome. Yesu va, eye ʋɔtruawo le tutu, eye wòle tsitre ɖe wo titina, eye wògblɔ bena: Ŋutifafa na mi!


Esiawo megblɔ na mi, bena míakpɔ ŋutifafa le menye. Le xexea me la miekpɔ xaxa; gake miaƒe dzi nedze eme; nye la meɖu xexeame dzi.


Ŋutifafa gblẽm mele ɖi na mi; nye ŋutifafa tsɔm mele na mi; menye alesi xexeame nana la, nye la mele mia nam o. Miaƒe dzi nagaʋuʋu nyanyanya o, eye dzika hã nagatso mia ƒo o!


Ne aƒea dze la, miaƒe ŋutifafa lava edzi; ne medze o la, miaƒe ŋutifafa agagbugbɔ ava mia dzi.


amesiwo hã wòtsɔ eɖokui fia agbagbe le eƒe fukpekpe la megbe to dzesi kɔte geɖewo me, eye wòna wokpɔe le ŋkeke blaneawo me, eye wòle nu ƒom le mawufiaɖuƒe la ŋuti.


Emegbe la eɖe eɖokui fia Yakobo, emegbe da apostolowo katã.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite