Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 23:32 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

32 Eye wokplɔ vɔ̃wɔla bubu eve hã, be woawu akpe ɖe eŋu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

32 Wokplɔ ŋutsu bubu eve siwo nye hlɔ̃dolawo kpe ɖe eŋu be woaklã woawo hã ɖe ati ŋu kplii.

Gade chapit la Kopi




Luka 23:32
8 Referans Kwoze  

Eye woklã adzodala eve hã kpe ɖe eŋuti, ɖeka le eƒe nuɖusi me, eye ɖeka le eƒe mia me.


Eye woklã adzodala eve ɖe ali ŋu kpe ɖe eŋuti, ɖeka le nuɖusi me, eye ɖeka le mia me.


Eyata mana gomee ɖe ame geɖewo dome, eye eya kple kalẽtɔwo amã aboyonu, elabena etso eƒe agbe de ku me, eye wòna wobui kpe ɖe vodalawo ŋu, evɔ wònye ede ta ame geɖewo ƒe nuvɔ̃wo te, eye wòɖe kuku ɖe vodalawo ta hafi.


afisi woklãe ɖe ati ŋu le, eye ame bubu eve hã kpe ɖe eŋuti, le eƒe axawo kple eve dzi, eye Yesu le titina.


Elabena mele egblɔm na mi bena: Ele be, woawu nusia, si woŋlɔ ɖi la nu ɖe ŋunye bena: „Eye wobui ɖe vodalawo dome;“ elabena nusi wogblɔ ɖi le ŋutinye la, le enu wu ge.


eye míakpɔ Yesu, si nye xɔse ƒe gɔmeɖola kple nuwula la ɖa: Amesi do dzi kpe atitsoga ƒe fu, eye mebu ŋukpe o le dzidzɔ, si woɖo ɖi nɛ la ta, eye wòbɔbɔ nɔ anyi le Mawu ƒe fiazikpui ƒe nuɖusi me.


Elabena ne wole nusiawo wɔm ɖe ati mumu ŋuti la, ekema nuka wo ge wòala de ƒuƒua ŋuti mahã?


nusi ŋuti mekpe fu ɖo yiɖase bablawo me, abe nuvɔ̃wɔla ene; gake womebu mawunya la o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite