57 Ke egbe nu le egbɔ gblɔ bena: Nyɔnu, nyemenya eyama o.
57 Ke Petro gbe gblɔ be, “Nyɔnu, nyemenya amea ŋutɔ gɔ̃ hã o!”
Ne mieʋu miaƒe nuvɔ̃wo me la, ekema nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔ wònye, bene woatso míaƒe nuvɔ̃wo ake mí, eye wòaklɔ madzɔmadzɔnyenye katã ɖa le mia ŋuti.
Eyata mitrɔ le miaƒe dzi me, eye migbugbɔ, be woatutu miaƒe nuvɔ̃wo,
Tete Petro gasẽ nu, eye enumake koklo ku atɔ.
Ke Simon Petro le tsitre le dzo ƒum. Eye wogblɔ nɛ bena: Alo wò hã eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka nènye mahã? Eyama sẽ nu gblɔ bena: Menye nyee o.
ke amesi ke gbe nu le gbɔnye le amewo ƒe ŋku me la, woagbe nu le eya hã gbɔ le mawudɔlawo ƒe ŋku me.
Gake esẽ nu le wo katã ƒe ŋku me gblɔ bena: Nyemenya nusi gblɔm nèle o.
ke amesi ke lagbe nu le gbɔnye le amewo ƒe ŋku me la, nye hã magbe nu le eyama gbɔ le Fofonye, si le dziƒowo la, ƒe ŋku me.
Eye esi dɔlanyɔnua ɖe kpɔe le anyinɔƒe ɖe dzo la gbɔ la, ekpɔe du gblɔ bena: Amesia hã nɔ egbɔ kpɔ.
Eye emegbe ʋee la ame bubu kpɔe, eye wògblɔ bena: Wò hã wo dometɔ ɖeka nènye. Ke Petro gblɔ bena: Ame, menye nyee o.