Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 22:53 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

53 Gbawotsyogbe menɔ mawuxɔ la me kpli mi, eye mieɖo miaƒe asiwò ɖe gbɔnye kpɔ o; ke esia enye miaƒe gaƒoƒo kple viviti ƒe ŋusẽ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

53 Nu ka ta mielém le gbedoxɔ la me o ɖo? Menɔa afi ma gbe sia gbe ɖe! Gake ɣeyiɣi siae nye ɣeyiɣi nyuitɔ na mi, ɣeyiɣi si me Satana ƒe ŋusẽ le dzi ɖum.”

Gade chapit la Kopi




Luka 22:53
20 Referans Kwoze  

elabena míele kame tem kple ʋu kpakple ŋutilã o, ke boŋ mía kple dziɖulanyenye kple ŋusẽ kple xexe sia me fia, siwo le fifi viviti sia me kpakple vɔɖinyenye ƒe gbɔgbɔ, siwo le dziƒonutowo me lae le kame tem.


Fiti ko nye luʋɔ ʋuʋu kpẽkpẽkpẽ, eye aleke magblɔ? Fofo, ɖem tso gaƒoƒo sia me! Gake esia ta meva gaƒoƒo sia me ɖo.


amesi ɖe mí tso viviti ƒe ŋusẽ la me, eye wòtsɔ mí ɖo eƒe lɔlɔ̃vi ƒe fiaduƒe la me,


be naʋu woƒe ŋkuwo, bena woatrɔ atso viviti me ava kekeli me, eye tso Satana ƒe ŋusẽ me ava Mawu gbɔ, bena woakpɔ nuvɔ̃wo ƒe keke kple domenyinyi le amesiwo ŋu wokɔ to dzinye xɔxɔse me la dome.


Tete atikplɔtɔwo va nunɔlagãwo kple farisitɔwo gbɔ; eye woamawo gblɔ na wo bena: Nukaŋuti miekplɔe vɛ o mahã?


Nyemagaƒo nu geɖe kpli mi o; elabena xexeamefia gbɔna, eye mekpɔ naneke le ŋunye o;


Tete wodi bena, yewoalée, eye amea ɖeke medo asi ɖe egbɔ o; elabena eƒe gaƒoƒo mede haɖe o.


Ke esi wòva mawuƒe me, eye wòle nu fiãm amewo la, nunɔlagãwo kple dumegãwo va egbɔ gblɔ bena: Ŋusẽ ka nètsɔ wɔ esiawoe, eye amekae tsɔ nenem ŋusẽ sia na wò mahã?


Ame vlowo ƒe aseyetsotso nu mesena yina o, eye ame vɔ̃ɖi ƒe dzidzɔ nɔa anyi aɖabaƒoƒo ɖeka koa?


Eye Yesu gblɔ na nunɔlagãwo kple mawuxɔdzikpɔlawo kpakple amegã, siwo va dze edzi la bena: Mietso ɖe ŋunye kple yiwo kple kpowo, abe alesi wotsona ɖe adzodala ŋu ene.


Eye esi wòlée la, wokplɔe heyi ɖe nunɔlagã la ƒe me. Ke Petro dze eyome ʋi gbɔna.


Tete esi wòxɔ alɔgomededea la, edo go enumake; eye zã do.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite