Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 22:51 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

51 Ke Yesu xɔ dzi gblɔ bena: Mina mɔ wo, be woayi dzi nenema. Eye wòde asi eƒe to ŋu, eye wòda gbe eŋu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

51 Ke Yesu gblɔ nɛ be, “Migawɔ avu kpli wo o, miɖe asi le wo ŋu ko.” Ale wòka asi afi si subɔvia ƒe to la nɔ ŋu, eye toa gaɖo eteƒe abe tsã ene.

Gade chapit la Kopi




Luka 22:51
8 Referans Kwoze  

Ke nye Paulo ŋutɔ mele nu xlɔ̃m mi to Kristo ƒe dɔmefafa kple tufafa me, nye amesi nye ame bɔbɔɖokui le miaƒe ŋku me le mia dome; ke esime nyemele mia gbɔ o la, dzi le ƒonye ɖe mia ŋu.


Megana nu vɔ̃ɖi la naɖu dziwò o, ke tso nu nyui la ɖu nu vɔ̃ɖi la dzi boŋ.


Ŋkeke alesi meli kpli wo le xexeame la, nye la medzra wo ɖo ɖe wò ŋkɔ la me; amesiwo nètsɔ nam la, medzɔ wo ŋu, eye wo dometɔa ɖeke mebu o, negbe tsɔtsrɔ̃vi la koe, bena woawu ŋɔŋlɔ la nu.


Eye wo dometɔ ɖeka da yi nunɔlagã la ƒe dɔla, eye wòkpa eƒe nuɖusimeto.


Eye Yesu gblɔ na nunɔlagãwo kple mawuxɔdzikpɔlawo kpakple amegã, siwo va dze edzi la bena: Mietso ɖe ŋunye kple yiwo kple kpowo, abe alesi wotsona ɖe adzodala ŋu ene.


Ke Paulo do ɣli kple gbe sesẽ gblɔ bena: Megawɔ vɔ̃a ɖeke ɖokuiwò o, elabena mí katã miele afi!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite