Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 22:40 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

40 Ke esi wòɖo teƒea la, egblɔ na wo bena: Mido gbe ɖa bena, miagadze tetekpɔa me o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

40 Ke esi woɖo teƒea la, egblɔ na wo be, “Mido gbe ɖa be tetekpɔ nagaɖu mia dzi o.”

Gade chapit la Kopi




Luka 22:40
16 Referans Kwoze  

Eye megakplɔ mi yi ɖe tetekpɔ me o; ke ɖe mi tso vɔ̃ɖitɔ la si me! Elabena tɔwòe nye fiaɖuƒe kple ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe yi ɖe mavɔmavɔ me. Amen.


Ke nuwo katã ƒe nuwuwu ɖo vɔ. Eyaŋuti miɖu mia ɖokui dzi, eye minɔ mo xexi hena gbedodoɖa.


eye wògblɔ na wo bena: Nukaŋuti miele alɔ̃ dɔm? Mitsi tre, ne míado gbe ɖa, bena miagadze tetekpɔ me o!


Le esi nèlé nye dzidonya me ɖe asi ŋuti la, eyata nye hã malé wò ɖe asi le tetekpɔ ƒe gaƒoƒo, si le xexeame katã dzi va ge, be woate amesiwo nɔa anyigba dzi akpɔ la me.


Eye tsɔ miaƒe nuvɔ̃wo ke mí; elabena mía ŋutɔwo hã mietsɔnɛ kea amesiame, si nyia fe le mia si! Eye megalala mí yi ɖe tetekpɔa me o, ke ɖe mí tso vɔ̃ɖitɔ la si me!


Tsɔ wò nya la li ke nye afɔɖeɖe, eye megana nu vɔ̃ɖia ɖeke naɖu fia de dzinye o!


Nye afɔɖeɖewo li ɖe wò mɔwo dzi zã, eye ke meɖe le nye afɔwo te o.


Eye Yabez yɔ Israel ƒe Mawu la gblɔ bena: Ne èyram, eye nèkeke nye anyigba ɖe enu, wò asi nɔ kplim, eye neɖe dzɔgbevɔ̃ewo ɖa, ale be vevea ɖeke medzɔ ɖe dzinye o la, — tete Mawu na nusi wòbia la, va me.


Ameka adze si dzidadawo? Tso nam le dzidada ɣaɣlawo me!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite