Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 22:35 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

35 Eye wògblɔ na wo bena. Esi medɔ mi, gakotoku kple mɔzɔkotoku kple atokotawo manɔ mia sii la, ɖe nane hiã mi mahã? Eye wogblɔ bena: Naneke mehiã mí o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

35 Azɔ Yesu bia nusrɔ̃lawo be, “Esi medɔ mi be miyi ɖagblɔ nyanyui la eye mietsɔ ga, mɔzɔkotoku alo awu eve ɖe asi o eye miedo afɔkpa hã o ɖe, nane hiã mia?” Woɖo eŋu nɛ be, “Naneke mehiã mí o.”

Gade chapit la Kopi




Luka 22:35
16 Referans Kwoze  

Migatsɔ gakotoku alo mɔzɔkotoku alo atokotawo o, eye migado gbe na amea ɖeke le mɔ dzi o.


Eye wògblɔ na wo bena: Migatsɔ naneke ɖe asi hena mɔzɔzɔ o, ati loo, alo kotoku alo abolo alo klosalo alo awu eve o.


Ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu, eye nawɔ nyuie! Nɔ anyigba dzi, eye naɖi anukware!


Dawid ƒe ha. Yehowa enye kplɔlanye, naneke mehlãam o.


amesi tso mana, si mia kple fofowòwo mienyã o la, nyro wò le gbeadzi, ne woabɔbɔ wò ɖe anyi, eye wòado wò akpɔ, be wòava wo nu nyui na wò emegbe la be o.


Eye woyra Yosef gblɔ bena: Mawu, si ƒe ŋku me fofonye Abraham kple Isak zɔ le, Mawu, si nye kplɔlanye le nye agbe me ŋkekewo katã me va do egbee,


Eye wògblɔ bena: Petro, mele egblɔm na wò bena: Koklo mele atɔ ku ge egbea, hafi nasẽ nu zi etɔ̃ bena, yemenyam o.


Egblɔ na wo bena: Ke azɔ la, amesi gakotoku le esi la, netsɔe, nenema ke mɔzɔkotoku hã; eye amesi si mele o la, nedzra eƒe avɔ, eye wòaƒle yi.


Farao gblɔ nɛ bena: Esi nèle gbɔnye la, nukae hiã wò, hafi nèle didim be, yeayi mia de? Eɖo ŋu bena: Naneke mehiãm o: gake ɖe mɔ nam ko.


abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Amesi fɔ nu fũ la, mekpɔ ɖeke ɖe edzi o, eye amesi ke fɔe ʋee ko la, naneke mebiae o.“


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite