Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 22:34 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

34 Eye wògblɔ bena: Petro, mele egblɔm na wò bena: Koklo mele atɔ ku ge egbea, hafi nasẽ nu zi etɔ̃ bena, yemenyam o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

34 Gake Yesu gblɔ nɛ be, “Petro na magblɔ nya aɖe na wò. Va se ɖe etsɔ fɔŋli hafi koklo naku atɔ la, àgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃ be yemenyam gɔ̃ hã o.”

Gade chapit la Kopi




Luka 22:34
9 Referans Kwoze  

Yesu ɖo ŋu bena: Atsɔ wò agbe aɖo anyi ɖe tanyea? Vavã, vavã mele egblɔm na wò bena: Koklo maku atɔ, hafi nagbe nu le gbɔnye zi etɔ̃ o.


Eye Yesu gblɔ nɛ bena: Mele egblom na wò bena: Egbe ƒe zã sia me ke, hafi koklo naku atɔ zi eve la, agbe nu zi etɔ̃ le gbɔnye.


Yesu to ne bena: Vavã mele egblɔm na wò bena: Zã sia me ke, hafi koklo naku atɔ la, agbe nu le gbɔnye zi etɔ̃.


Tete la wòde asi fiƒoƒode kple atamkaka me bena: Nyemenya ame la o. Eye kasia koklo ku atɔ.


Tete Petro gasẽ nu, eye enumake koklo ku atɔ.


Eye wògblɔ ne bena: Aƒetɔ, mesu te be, mia kpli wò míayi gaxɔ me kple ku me.


Eye wògblɔ na wo bena. Esi medɔ mi, gakotoku kple mɔzɔkotoku kple atokotawo manɔ mia sii la, ɖe nane hiã mi mahã? Eye wogblɔ bena: Naneke mehiã mí o.


Eye Aƒetɔ la trɔ kpɔ Petro dũ. Eye Petro ɖo ŋku Aƒetɔ la ƒe nya dzi, alesi wògblɔ nɛ bena: Hafi koklo naku atɔ egbe sia la, agbe nu le gbɔnye zi etɔ̃.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite