Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 22:29 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

29 eye nye la mele fiaɖuƒe ɖom ɖi na mi, abe alesi Fofonye hã ɖoe ɖi nam ene,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

29 eye nye la mele fiaɖuƒe ɖom anyi na mi abe ale si Fofonye ɖo fiaɖuƒe anyi nam ene.

Gade chapit la Kopi




Luka 22:29
14 Referans Kwoze  

ne miedo dzi la, míaɖu fia hã kpakplii; ne miegbe nu le egbɔ la, eyama hã lagbe nu le mia gbɔ;


Tete fia la agblɔ na amesiwo le eƒe nuɖusi me la bena: Miva, mi Fofonye ƒe ame yayrawo, minyi fiaɖuƒe, si wodzra ɖo ɖi na mi tso xexeme ƒe gɔmeɖoɖoanyi me la, ƒe dome!


Nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, miɖo to: Ɖe menye Mawue ɖia xexeame ame dahewo, be woanye kesinɔtɔwo le xɔse me kple fiaɖuƒe, si ŋugbe wòdo na amesiwo lɔ̃nɛ la, ƒe domenyilawo o mahã?


Eye Yesu te va wo gbã, ƒo nu na wo gblɔ bena: Wotsɔ ŋusẽ katã, si le dziƒo kple anyigba dzi la, de asi nam.


Vavã mele egblɔm na mi bena, aɖoe eƒe nuwo katã dzi.


Ha sue, megavɔ̃ o! Elabena edze mia Fofo la ŋu be, yeatsɔ fiaɖuƒe la na mi.


Eye wògblɔ ne bena: Ehẽ, ɖɔla nyui, esi nèzu nuteƒewɔla le nu suetɔ me ŋuti la, ŋusẽ anɔ asiwò ɖe du ewo dzi.


ekema ne alẽkplɔla gã la lado la, miaxɔ ŋutikɔkɔe ƒe fiakuku magblẽmagblẽ la.


Ke amesiame, si le kame tem la, eɖɔa ŋu ɖo le nusianu me; ame mawo wɔa nenema, bene woƒe asi nasu dziɖuɖukuku, si gblẽna la dzi; ke miawo la, esi megblẽna o la dzi.


Eye míaƒe mɔkpɔkpɔ li ke le mia ŋuti, esi míenyae bena, alesi míekpɔa gome le fukpekpewo me la, nenema ke miekpɔa gome le akɔfafa me hã la ŋuti.


Gɔmeɖoɖo wuieve li na dua ƒe gli la, eye Alẽvi la ƒe apostolo wuieveawo ƒe ŋkɔwo le wo ŋu.


Woayra amesiwo da ahe le gbɔgbɔ me la; elabena woawo tɔe nye dziƒofiaɖuƒe la.


Woayra amesiwo yome wotina le dzɔdzɔenyenye ŋuti la; elabena woawo tɔe nye dziƒofiaɖuƒe la.


Eƒe aƒetɔ la gblɔ nɛ bena: Ehe, dɔla nyui kple nuteƒewɔla! Ewɔ nuteƒe le nu ʋeewo me, matsɔ wò aɖo nu geɖewo nu: yi ɖe wò aƒetɔ ƒe dzidzɔ la me!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite