Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 22:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 elabena mele egblɔm na mi bena: Nyemegale ɖeke ɖu ge akpɔ o, vaseɖe esime woawu enu le mawufiaɖuƒe la me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

16 Elabena medi be mianya fifia be nyemagaɖui akpɔ o, va se ɖe esime woɖe nu si tututu wònye la ɖe go le mawufiaɖuƒea me.”

Gade chapit la Kopi




Luka 22:16
11 Referans Kwoze  

Eye wògblɔ nam bena: Ŋlɔ bena: Woayra amesiwo wokpe va Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖenuɖuɖu la gbɔ! Eye wògagblɔ nam bena: Esiawo nye Mawu ƒe nya vavãwo.


Eye esi kplɔ̃ ŋuti nɔlawo dometɔ ɖeka se nusiawo la, egblɔ bena: Woayra amesi aɖu abolo le mawufiaɖuƒe la me!


bena miaɖu nu, eye miano nu le nye kplɔ̃ ŋu le nye fiaɖuƒe la me, eye miabɔbɔ nɔ fiazikpuiwo dzi, be miadrɔ̃ ʋɔnu Israel-ƒome wuieveawo.


menye dukɔ blibo la katã o, ke boŋ eƒe ɖaseɖila, siwo Mawu tia ɖi xoxo, mí, amesiwo ɖu nu, eye mieno nu kplii le eƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome megbe.


Midze agbagba, menye ɖe nuɖuɖu, si gblẽna ta o, ke boŋ ɖe nuɖuɖu, si anɔ anyi hena agbe mavɔ la ta, esi Amegbetɔvi la lana mi; elabena nenem me la ŋu Mawu Fofo la de dzesi!.


Woayra dɔla ma, siwo, ne aƒetɔ la va la, akpɔ wo le ŋudzɔ; vavã mele egblɔm na mi bena: Asa avɔ ɖe ali, eye wòana be, woanɔ kplɔ ŋuti, eye wòatsa wo dzi asubɔ wo.


Eye wògblɔ na wo bena: Medi vevie ŋuta bena, maɖu ŋutitotolẽvi sia kpli mi, hafi ne makpe fu;


elabena mele egblɔm na mi bena: Tso esia dzi la nyemegale weintsetsea ɖeke me tsi no ge akpɔ o, vaseɖe esime mawufiaɖuƒe la ava.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite