Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 21:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Ke ne miase atiawo kple zitɔtɔwo la, migaɖi vo o; elabena ele be, nusiawo nava ve me gbã; gake nuwuwu la maɖo enumake o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Eye ne miese be aʋa dzɔ, eye ʋunyaʋunyawo hã dze egɔme la, dzidzi megaƒo mi o. Nyateƒe ele be nu siawo nava me gbã, gake nuwuwua mava enumake o.

Gade chapit la Kopi




Luka 21:9
13 Referans Kwoze  

Ke ne nusiawo ɖe asi emevava me la, ekema miwu mo dzi, eye mikɔ miaƒe tawo ɖe dzi, elabena miaƒe ɖeɖe la gogo.


Migayɔ nusiwo katã dukɔ sia yɔna be nugbeɖoɖo la, be nugbeɖoɖo o, migavɔ̃ nusi wovɔ̃na la o, eye megadzi ŋɔ na mi o.


Nya vɔ̃ sesea ɖeke madzi ŋɔ nɛ o, eƒe dzi dzea eme, eye wòɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu.


Eye wògblɔ bena: Mikpɔ nyuie, bena woagaflu mi o! Elabena ame geɖewo lava le nye ŋkɔ la dzi agblɔ bena: Nyee nye esi, eye azãgbe la ɖo vɔ! Migadze wo yome o.


Tete wògblɔ na wo bena: Dukɔ latsi tre ɖe dukɔ ŋuti, eye fiaɖuƒe ɖe fiaɖuƒe ŋuti,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite