Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 20:47 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

47 amesiwo mia ahosiwo ƒe aƒewo, eye wodaa alakpa nɔa gbe ɖiɖiwo dom ɖa; amesiawo laxɔ fɔbubu sesẽtɔ awu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

47 Woxɔa ahosiwo ƒe aƒewo le wo si, eye wodoa kpɔkpɔ wo ɖokuiwo to gbe didiwo dodo ɖa me. Ame siawo tɔgbi axɔ tohehe sesẽtɔ.”

Gade chapit la Kopi




Luka 20:47
23 Referans Kwoze  

amesiwo mia ahosiwo ƒe aƒewo, eye wodaa alakpa nɔa gbe didiwo dom ɖa; amesiawo ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ le sesẽ ge awu.


Nɔvinyewo, migazu nufialawo taŋtaŋ o, esi mienyae bena, ʋɔnudɔdrɔ̃ sesẽ wu kpɔ ge míala la ŋuti.


Woʋua eme bena, yewonya Mawu, ke wotsɔ woƒe nuwɔnawo gbe nu le egbɔ; wonye ame nyɔŋuwo kple tosẽlawo kple amesiwo medze dɔ nyui wòwɔa ɖeke kura o.


Esi ameha, si ƒe xexlẽme ade akpeakpewo, va ƒo ƒu ale bena, wole afɔ ɖom wo nɔewo dzi la, ede asi gbɔgblɔ me na eƒe nusrɔ̃lawo gbã bena: Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le farisitɔwo ƒe amɔwɔ ʋaʋã, si nye alakpadada la, ŋuti.


Ke baba na mi, agbalẽfialawo kple farisitɔwo, alakpatɔwo, bena mietua dziƒofiaɖuƒe la ɖe amewo nu; elabena mia ŋutɔwo mieyina ɖe eme o, eye amesiwo le yiyim ɖe eme hã la, mieɖea mɔ na wo be, woayi o.


Mi amesiwo léa fu nyui, eye mielɔ̃a vɔ̃, mievuvua agbalẽ lewo ŋu kple lã le woƒe ƒuwo ŋu.


Ke gbaɖegbe ke nye ɖukɔ dze aglã hezu ketɔ: Mieɖe awu ʋlaya le amesiwo ɖe dzi ɖi bɔkɔɔ va tso me yina la ƒe awuwo dzi, abe aʋae miegbɔ tso ene.


Wo amesiwo ƒe ve me le fiefiẽm ɖe kekui, si le ame dahe ƒe ta me la ŋu, woglɔ̃a mɔ na hiãtɔwo, eye vi kple fofoa woyia gbolo ɖeka gbɔ, ne woaɖo gu nye ŋkɔ kɔkɔe la.


Woava akpe ta ɖe gbɔwò, eye woabɔbɔ nɔ ŋkuwò me abe nye dukɔ ene ahase wò nyawo, ke womawɔ wo dzi o, hafi boŋ anɔ ŋɔnɔe le nu me na wo, eye woƒe dzi adze viɖe yome.


ne woate ame dahewo ƒe nya ɖe to, eye woada adzo nya dzɔdzɔe le nye dukɔ ƒe hiãtɔwo si, ne ahosiwo nazu woƒe aboyonu, eye woaha tsyɔ̃eviwo!


Elabena womekpɔ mi ɣeaɖekeɣi míele numevivinyawo gblɔm, eye míele alakpa hã dam le ŋukeklẽ ta kpɔ o, abe alesi mienyae ene. Mawue nye ɖaseɖila!


Ne agble dzro wo la, woxɔnɛ; ne xɔ dzro wo la, wodaa adzoe, eye woɖua sesẽnu le aƒe kple aƒetɔ si, le ŋu-tsu kple eƒe domenyinu si.


Wodoa vlo fofo kple dada le mewo, wotea amedzro ɖe anyi le mewo, eye wosẽa ŋuta le tsyɔ̃evi kple ahosi ŋu le mewo.


Baba na mi, agbalẽfialawo kple farisitɔwo, alakpatɔwo, elabena miemia ahosiwo ƒe aƒewo, eye miedaa alakpa nɔa gbe didiwo dom ɖa.


Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le agbalẽfialawo ŋuti, amesiwo lɔ̃a tsatsa le awu ʋlayawo me kple gbeɖonamewo le ablɔwo me kple nɔƒe gbãtɔwo nɔnɔ le ƒuƒoƒewo kpakple kplɔ̃ta nɔnɔwo le nuɖuƒewo;


Eye wòfɔ kɔ te kpɔ kesinɔtɔ, siwo tso woƒe nunanawo le dadam ɖe nudzɔɖaka la me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite