Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 20:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Eye wòkpɔ wo dũ gblo bena: Nuka gɔ̃e nye esia, si woŋlɔ ɖi bena: „Kpe, si xɔtulawo gbe la, eya ke tro zu dzogoekpe“ mahã?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

17 Yesu kpɔ wo dũu hegblɔ be, “Ke nu kae mawunya wɔnɛ esi wogblɔ be, “ ‘Kpe si xɔtulawo gbe la, eyae va zu kpe si wotsɔ ɖo dzogoe na xɔa’?”

Gade chapit la Kopi




Luka 20:17
17 Referans Kwoze  

Kpe, si xɔtulawo gbe la, eyae trɔ zu dzogoedzikpe.


Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, meɖo kpea ɖe anyi ɖe Zion, kpe, si wodo kpɔ, dzògoekpe xɔasi, si li ke zã. Amesi xɔe se la, masi o.


Esia nye kpe, si mi xɔtulawo miegbe la, eya tra zu dzogoekpe.


Yesu gblɔ na wo bena: Alo miexlẽ le ŋɔŋlɔawo me kpɔ bena: „Kpe, si xɔtulawo gbe la, eya ke trɔ zu dzogoekpe; Aƒetɔ la gbɔ esia tso, eye wònye nukunu le míaƒe ŋkuwo me“ o mahã?


Ɖe miexlẽ ŋɔŋlɔ sia hã kpɔ bena: „Kpe, si xɔtulawo gbe la, eya ke trɔ zu dzogoekpe;


Elabena woafɔ ŋku adre ɖe kpe, si metsɔ ɖo Yosua ŋku me la dzi; kpɔ ɖa, ma-ŋlɔ nu ɖe edzi, eye maɖe anyigba sia ƒe voɖaɖa ɖa le ŋkeke ɖeka dzi, Yehowa Zebaot ye gblɔe.


Elabena mele egblɔm na mi bena: Ele be, woawu nusia, si woŋlɔ ɖi la nu ɖe ŋunye bena: „Eye wobui ɖe vodalawo dome;“ elabena nusi wogblɔ ɖi le ŋutinye la, le enu wu ge.


Gake bena woawu nya, si woŋlɔ ɖe woƒe sea me la nu bena: „Woléa fum dzodzro!“


Eye wògblɔ na wo bena: Esiawo nye nye nya, siwo megblɔ na mi, esi megali kpli mi la bena: Ele be, woawu nusiwo katã woŋlɔ ɖe Mose ƒe se la kple nyagblɔɖilawo kpakple Psalmowo me le ŋutinye la nu.


Eye Aƒetɔ la trɔ kpɔ Petro dũ. Eye Petro ɖo ŋku Aƒetɔ la ƒe nya dzi, alesi wògblɔ nɛ bena: Hafi koklo naku atɔ egbe sia la, agbe nu le gbɔnye zi etɔ̃.


Eye Yesu tsa ŋku godoo gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: Aleke gbegbe wosẽ na amesiwo si kesinɔnuwo le la, bena wòayi ɖe mawufiaɖuƒe la mee!


Eye esi wòkpɔ wo godoo kple dziku la, exa nu le woƒe dzimesesẽ la ŋuti, eye wògblɔ na ame la bena: Mlo wò asi! Eye wòmloe, eye eƒe asi la gaɖɔ ɖo.


Eye esi wòte va, eye wòkpɔ dua la, efa avi ɖe eŋuti


Eya me dzogoekpe kple gatagbadzɛwo, eya me aʋadatiwo kple dzi-ɖulawo katã ado atso.


amesiwo wotu ɖe apostolowo kple nyagblɔɖilawo ƒe gɔmeɖoɖo la dzi, afisi Yesu Kristo ŋutɔ nye dzogoedzikpe le,


Eyata wòle ŋɔŋlɔ la me bena: „Kpɔ ɖa, meɖo dzogoedzikpe tiatia xɔasi anyi ɖe Zion, eye amesi ke xɔ edzi se la, ŋu mele ekpe ge o.“


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite