Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 20:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Ke weingble la ƒe aƒetɔ gblɔ bena: Nuka wɔ ge mala? Madɔ vinye lɔlɔ̃tɔ ɖa; ɖewohĩ wòasi eya ŋku me ɖa.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 “Agbletɔ la gblɔ na eɖokui azɔ be, ‘Menya nu si mawɔ! Madɔ vinye lɔlɔ̃tɔ la ɖe wo gbɔ. Meka ɖe edzi be woade bubu eya ŋu.’

Gade chapit la Kopi




Luka 20:13
19 Referans Kwoze  

eye kpɔ ɖa, gbe tso dziƒowo le gbɔgblɔm bena: Amesia enye vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu lena o la, si dzea ŋunye!


Amea ɖe menya nu o woatsɔ kokoƒoƒo abɔbɔ wo ɖokui ɖe anyi le Yehowa ŋku me, eye amesiame atrɔ tso eƒe mɔ vɔ̃wo dzi, elabena dɔmedzoe kple dziku, si ŋu Yehowa ƒo nu le na dukɔ sia la teƒe mekɔ o.


Amea ɖe menya nu o Yuda ƒe aƒe la ase vɔ̃, siwo katã meɖo be, mawɔ wo la, eye amesiame atrɔ tso eƒe mɔ vɔwo dzi, eye matsɔ woƒe vodadawo kple woƒe nuvɔ̃wo ake wo.


Ke esi azãgbe la ɖo vo la, Mawu dɔ ye ŋuta Via ɖo ɖa, eye nyɔnua ɖe dzii, eye wodzii ɖe se la te,


Elabena nusi se la mete ŋu wo o, esime wògbɔdzɔ to ŋutilã me la, Mawu wɔe, eye wòdo ye ŋutɔ Via ɖo ɖa le nuvɔ̃ŋutilã ƒe sɔsɔ me, eye le nuvɔ̃ ŋuti wodoe ɖa ɖo, eye wobu to nuvɔ̃ la le ŋutilã me,


Eye nye la mekpɔe, eye meɖi ɖase bena, amesia enye Mawuvi la.


Eye gbe ɖi tso alilikpo la me gblɔ bena: Amesia enye vinye tiatia, miɖo to eyama!


Esi wogale nuƒoƒo la dzi la, kpo ɖa, alilikpo, si klẽ la, do vɔvɔli ɖe wo dzi; eye kpɔ ɖa, goe tso alilikpo la me gblɔ bena: Amesia enye vinye, si nyemelɔ̃a nu egbɔ o, si dzea ŋunye; miɖo to eyama!


Efrayim, aleke matsɔ wo ana, eye matsa wò Israel ade asi? Aleke mawɔ wò abe Adma ene, eye mawɔ wò abe Zeboim ene? Nye dzi trɔ le menye, eye nye nublanuikpɔkpɔ le fiefiẽm wlɔwlɔwlɔ!


Efrayim, nuka mawu wò, eye Yuda, nuka mawɔ wò? Elabena míaƒe lɔlɔ̃ le abe ŋdililikpo kple zãmu, si nu yina le ŋdi ene.


Nukae woawɔ na nye weingble la, eye nyemewɔe nɛ o? Nukaŋuti mele mɔ kpɔm be, atse weintsetsewo, eye wòtse ʋukatsetsewo?


Wò amevi, do mɔzɔgba, eye nadze mɔ le ŋkeke me le wo ŋku me, dze mɔ tso nɔwòƒe yi teƒe bubu le wo ŋku me, ɖewohĩ woakpɔe bena, ƒome sẽto yewonye.


gblɔ bena: ʋɔnudrɔ̃laa ɖe nɔ dua ɖe me, amesi mevɔ̃a Mawu o, eye mesia ame hã o.


Eye melɔ̃ o eteƒe didi; ke esiawo megbe la egblɔ le ye ŋutɔ ɖokui me bena: Esi nyemevɔ̃a Mawu o, eye nyemesia ame hã o la,


Eye wògadɔ etɔ̃lia ɖa, ke esi woɖe abi eya ŋu la, wokɔe ƒu gbe.


Ke esi agbledelawo kpɔe la, wode adaŋu kple wo nɔewo gblɔ bena: Esia nye domenyila la, mina miawui, bena domenyinyi la nazu mía tɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite