Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 2:41 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

41 Eye eƒe dzilawo yia Yerusalem ƒe sia ƒe ɖe ŋutitotoŋkekenyuieɖuƒe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

41 Yesu dzilawo yia Yerusalem ƒe sia ƒe hena Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu.

Gade chapit la Kopi




Luka 2:41
18 Referans Kwoze  

Ke boŋ mia kple viwòŋutsu kple viwònyɔnu, wò dɔlaŋutsu kple wò dɔlanyɔnu kpakple Lewitɔ, si le wò du me la, miaɖu wo ɖe Yehowa, wò Mawu, ŋku me le teƒe, si Yehowa, wò Mawu atia, eye nakpɔ dzidzɔ le Yehowa, wò Mawu ŋku me le nusiwo nètso wò asi wo dɔ kpɔ la ŋuti.


Eye Yudatɔwo ƒe ŋutitoto la ɖo, eye Yesu yi ɖe Yerusalem.


Eye Elkana kple eƒemetɔwo katã yi, bena wòasa ƒevɔ, eye wòawɔ eƒe adzɔgbeɖeɖewo dzi na Yehowa.


Eye ŋutsu sia tsoa eƒe ɖu me ƒe sia ƒe yina ɖadoa gbe ɖa, eye wòasa vɔ na Yehowa Zebaot le Silo, afisi Eli ƒe viŋutsu eveawo Xofni kple Pinexas wonye nunɔla na Yehowa le.


Wò ŋutsuwo katã nava Yehowa, wò Mawu ƒe ŋku mezi etɔ̃ le ƒe ɖeka me le teƒe, si wòatia, le nu maʋamaʋã ŋkekenyuie, kwasiɖawo ƒe ŋkekenyuie kple agbadɔŋkekenyuie la dzi, eye womava Yehowa ŋku me asi gbɔlo o.


ekema mitsɔ nusiwo katã ŋu mede se na mi le egbea, siwo nye miaƒe numevɔsawo kple akpedavɔsawo, miaƒe nuwo ƒe ewolia kple adzɔ, si miaƒe asiwò na, kpakple nusiwo katã miena le mia ɖokui si heɖe adzɔgbe na Yehowa la, va teƒe, si Yehowa, mia Mawu, atia, be yeƒe ŋkɔ nanɔ,


Ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienelia enye ŋutitotoŋkekenyuie na Yehowa.


Ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienelia ƒe fiẽ enye ŋutitotoŋkekenyuie na Yehowa,


Wò ŋutsuwo katã nava Aƒetɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu la, ŋku me zi etɔ̃ le ƒe ɖeka me.


Ŋkeke sia nanye ŋkuɖodzigbe na mi, eye mianɔ eɖum na Yehowa, wòanye ɖoɖo na miaƒe dzidzimeviwo, be miaɖui tegbee.


Eye hafi ŋutitotoŋkekenyuie la naɖo, esi Yesu nya bena, yeƒe gaƒoƒo la ɖo vɔ, bena yeadzo le xexe sia me ayi ɖe Fofoa gbɔ, esi wòlɔ etɔ, siwo le xexeame la, elɔ̃ wo vaseɖe nuwuwu.


Eye Yudatɔwo ƒe ŋutitoto la do, eye ame gedewo dzo le anyigba la dzi heyi Yerusalem, bena wòakɔ wo dokui ŋuti, hafi ŋutitoto la naɖo.


Ke Yudatɔwo ƒe ŋutitotoŋkekenyuie la ɖo.


Ale mianɔ hafi aɖui enye si. Mibla miaƒe aliwo dzi, eye mido atokotawo de afɔ; milé atizɔtiwo ɖe asi, eye miɖui abe sisilawo ene, elabena Yehowa ƒe ŋutilotoŋkekenyuie ve.


Eye esi wòxɔ ƒe wuieve la, woyi Yerusalem le ŋkekenyuie ƒe koa nu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite