Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 2:32 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

32 kekeli ƒe nyaɖeɖefia na trɔ̃subɔlawo kple wò dukɔ Israel ƒe ŋutikɔkɔe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

32 Eyae nye kekeli kple nyaɖeɖefia na ame siwo menye Yudatɔwo o, eye wòanye ŋutikɔkɔe na Israel wò dukɔ hã!”

Gade chapit la Kopi




Luka 2:32
22 Referans Kwoze  

Egblɔ bena: Nu tsɛ wònye be, nènye nye dɔla, ne nafɔ Yakob ƒe toawo ɖe tsitrenu, eye nakplɔ Israel ƒe amesiwo woɖe la agbɔe; metsɔ wò ɖo kekeli na dukɔwo hã, ne nanye nye xɔname vaseɖe anyigba ƒe mlɔenu ke.


bena Kristo lakpe fu, eye bena wòanye gbãtɔ le lãme kukuwo ƒe tsitretsitsi la me, eye wòaɖe gbe ƒã kekeli afia dukɔ la kple trɔ̃subɔlawo siaa.


Edzi dukɔ la ɖe edzi, eye nena dzidzɔ do gã; wokpɔ dzidzɔ le ŋkuwò me, abe alesi wokpɔa dzidzɔ le nuŋeɣi ene, abe alesi wotsoa aseye, ne wòmã aboyonu ene.


Eye dua mehiã ɣe alo ɣleti, bene woaklẽ nɛ o; elabena Mawu ƒe ŋutikɔkɔe klẽna nɛ, eye Alẽvi la enye eƒe akaɖi.


Eyaŋuti miawo hã minyae bena, wodo Mawu ƒe xoxo sia ɖe trɔ̃subɔlawo gbɔ; eye woawo la woaɖo toe.


dukɔ, si ke nɔ viviti me la, kpɔ kekeli gãa ɖe, eye amesiwo na ku ƒe anyigba dzi kple eƒe vɔvɔli me la, kekeli dze na wo.“


Tete mefɔ kɔ dzi heɖo ŋku anyi, eye mekpɔ ŋutsua ɖe le dzidzeka ɖe asi.


Ɣe maganye kekeli na wò le ŋkeke me azɔ o, eye dzinu magaɖi na wò, be xexeme nakɔ o; ke boŋ Yehowa anye wò kekeli tegbee, eye wò Mawu anye wò atsyɔ̃ɖoɖo.


Yehowa ye woatsɔ atso afia na Israel ƒe ƒomeawo katã, eye woaƒo adegbe.


Gbemagbe la Yehowa ƒe atidzedze anye atsyɔ̃ kple bubu, eye anyigba ƒe kutsetse anye adegbeƒoƒo, ɖekadzenu na Israel ƒe ame susɔeawo.


Mase nusi gblɔ ge Mawu Yehowa ala; elabena agblɔŋutifafa na eƒe dukɔ kple eƒe mawumemewo, eye malɔ̃ be, woagatrɔ ɖe bometsitsi ŋu o.


bene amesi ke ƒoa adegbe la, naƒo adegbe le Aƒetɔ la me, abe alesi woŋlɔ ɖi ene.


Eye dɔla la gblɔ na wo bena: Migavɔ̃ o! Elabena kpɔ ɖa, meva dzidzɔ gã ŋutinya gblɔ ge fia mi, esi lanye na dukɔ blibo la katã;


Ɖe dukɔa ɖe ɖɔ ti eƒe mawuwoa? Evɔ wònye menye Mawu wonye o hafi. Ke nye dukɔ ya tsɔ eƒe ŋutikɔkɔe ɖɔ li nusi mele ɖeke me o lae.


Eye woava me le ɣemaɣi be, dukɔwo adi Isai ƒe ke, si nye aflaga li na anyigba dzi dukɔwo la yome, eye eƒe gbɔɖemeƒe anye atsyɔ̃.


ne nagblɔ na gatɔwo be: Mido! eye na amesiwo le viviti me la be: Miva kekeli nu! Woaɖu gbe le mɔ to, eye woƒe gbeɖuƒe anɔ togbɛ ƒeƒlewo katã ta me.


Nye dukɔ, miƒu to anyi ɖe ŋunye, nye ameha, milé to ɖe ŋunye! Elabena nufiame ado tso asinye me, eye maɖo nye ɖoɖo anyi, wòanye kekeli na dukɔwo.


si nèdzra ɖo ɖe dukɔwo katã ƒe ŋku me;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite