Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 2:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Ŋɔŋlɔ gbãtɔ sia va me, esime Kirenio le mɔ̃mefia ɖum le Siria.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 (Esiae nye amexexlẽ gbãtɔ si va eme esi Kirenio nye mɔmefia le Siria le ɣe ma ɣi.)

Gade chapit la Kopi




Luka 2:2
9 Referans Kwoze  

Eye le kaisaro Tiberio ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiatɔ̃lia me, esi Pontio Pilato le mɔ̃mefia ɖum le Yudea, eye Herodes enye dziɖula le Galilea, eye nɔvia Filipo enye dziɖula le Iturea kple Traxoniti-nyigbawo dzi, eye Lisania enye dziɖula le Abilene,


Tete fia la kple mɔ̃mefia la kple Bernike kpakple amesiwo bɔbɔ nɔ anyi kpli wo la, tsi tre,


Klaudio Lisia tsɔ esia ɖuɖɔ mɔ̃mefia nyui Felike ƒã!


Ke esi Galio nye du me dziɖula le Axaya la, Yudatɔwo tsɔ nu sɔsɔe tsi tre ɖe Paulo ŋuti, eye wokplɔe va ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ


si le dua me dziɖula, Sergio Paulo, ŋutsu nyanua ɖe gbɔ. Amesia yɔ Barnaba kple Saul vɛ, eye wòɖi bena, yease mawunya la.


Amesia megbe la Yuda, Galileatɔ la, tsi tre le ŋkɔŋɔŋlɔ ŋkekeawo me, eye wòhe ame geɖe ɖe eɖokui ŋu, ame ma hã tsrɔ̃, eye ame geɖe alesi ɖo toe la, ka hlẽ.


Eye eƒe ŋkɔ ɖi hoo le Siria blibo la katã; eye wotsɔ amesiwo katã ƒe lãme gblẽ, kple amesiwo le dɔ bubu ƒomeviwo lém, kple amesiwo le fu kpem, kple amesiwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la, kple kpeŋuikulawo kple lãmetututɔwo katã va egbɔ, eye wòda gbe le wo ŋu.


Eye wòva ve me le ŋkeke mawo me be, sedede tso kaisaro Augusto gbɔ bena, woaxlẽ xexeame katã aŋlɔ.


Eye amewo katã dze mo heyi be, wòaŋlɔ woƒe ŋkɔwo, amesiame yi ɖe ye ŋuta ƒe du me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite