Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 19:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Eye Zaxeo tsi tre gblɔ na Aƒetɔ la bena: Kpɔ ɖa, Aƒetɔ, metsɔ nye nuwo ƒe afã na ame dahewo, eye ne medzɔ nu le amea ɖe si dzro la, meɖoa eteƒe ne zi ene.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Le aƒea me la, Zaxeo gblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ tso azɔ la, matsɔ nye kesinɔnuwo ƒe afã na ame dahewo, eye ne mexɔ ga le ame aɖe si wu ale si wòle be maxɔ la, maɖo eteƒe nɛ zi gbɔ zi ene sɔŋ!”

Gade chapit la Kopi




Luka 19:8
22 Referans Kwoze  

eye wòaɖo alẽvi la teƒe zi ene, le esi wòwɔ nusia, eye ame ƒe nu mevee o ta.


Eye wòaʋu eƒe vo, si wòda la me, eye wòaxe fe dedie ɖe nusi me wòɖi fɔ le la ta; emegbe wòatsɔ ho la ƒe mamã atɔ̃liawo ɖeka aƒu edzi ahatsɔ na amesi ŋu wòɖi fɔ ɖo.


ke ne asi tui la, ado eteƒe zi adre, eye wòatsɔ eƒe me nuwo katã ana.


Midzra nusi le mia si, eye mina nu ame dahewo; miwɔ kotoku, siwo medo xoxo o la, na mia ɖokui, nu nyui, siwo nu metsina o la, ɖe dziƒo, afisi fiafitɔ megogo o, eye agbagblaʋui hã megblẽa nu le o.


Eye nye hã mele egblɔm na mi bena: Mitso anyigbadzinu madzɔmadzɔwo dze xɔlɔ̃woe na mia ɖokui bena, ne wo nu tsi la, woaxɔ mi ɖe agbadɔ mavɔwo me.


Nyee nye si, miɖi ɖase le ŋunye le Yehowa kple eƒe amesiamina la ŋku me! Ameka ƒe nyitsu mexɔ, eye ameka ƒe tedzi mexɔ? Ameka ŋu mese ŋuta le, ameka mete ɖe anyi, eye ameka si mexɔ zãnu le hemiã ŋku ɖe edzi? Ne maɖo teƒe na mi!?


Gake mietsɔ nusiwo le eme la, wɔ nunana na ame dahewo, eye kpɔ ɖa, nuwo katã le dzadze na mi.


Eye esi Aƒetɔ la kpɔ ahosi la la, eƒe dɔme trɔ ɖe eŋuti, eye wògblɔ nɛ bena: Megafa avi o!


Dawid ƒe ha na henɔ la.


Megaɖi aʋatsoɖase le hawòvi ŋuti o.


ame vɔ̃ɖi la gbugbɔ awɔbanu na, eɖo nusi wòda adzoe la teƒe, eye wòzɔ ɖe ɖoɖo agbetɔwo nu, be megawɔ nu vɔ̃ɖi azɔ o la, ekema ano agbe kokoko, maku o.


Eye Yohanes yɔ eƒe nusrɔ̃lawo dome lãme eve va egbɔ, eye wòdɔ wo do ɖe Aƒetɔ la gbɔ gblɔ bena: Alo wòe nye amesi gbɔna loo, alo ame bubua ɖee míakpɔ mɔ na mahã?


Eye esi wokpɔe la, wo katã woli liʋiliʋi gblɔ bena: Eyina ŋutsu, si nye nuvɔ̃wɔla gbɔ dze ge.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite