Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 19:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Eye wòɖi kaba, eye wòxɔe kple dzidzɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 Zaxeo ɖi le atia dzi kaba eye wòxɔ Yesu kple dzidzɔ.

Gade chapit la Kopi




Luka 19:6
11 Referans Kwoze  

Eye Lewi ɖo kplɔ̃ gãa ɖe ne le eƒe me: eye nudzɔlawo kple ame bubuwo ƒe ha gãa ɖe bɔbɔ nɔ anyi ɖe nuaɖuƒe kpli wo.


Eye wòkplɔ wo yi eƒe me heɖo kplɔ na wo, eye wòkpɔ dzidzɔ kple eƒeme katã bena, yexɔ Mawu dzi se.


Eye esi wode mawutsi ta nɛ kple eƒeme katã la, eɖe kuku gblɔ bena: Ne miebum bena, mezu Aƒetɔ la dzixɔsela la, ekema miva aƒenye me, eye mina afima Eye wozi mia dzi.


Mí katã miele abe ame makɔmakɔwo ene, eye miaƒe dzɔdzɔenyenyewo katã le abe avɔ, si ƒo ʋu ene; mí katã míeyrɔ abe aŋgba ene, eye míaƒe vodadawo lɔ mí ɖe nu abe ya ene.


Azɔ amesiwo xɔ eƒe nyaa la, wode mawutsi ta na wo; eye le ŋkeke ma dzi wotsɔ luʋɔwo anɔ akpe etɔ̃ kpe ɖe wo ŋu.


Eye woɖe abla va, eye wokpɔ Mana kple Yosef kpakple vidzĩe, si le anyimlɔƒe le lãnuɖunu me.


Eye esi Yesu va ɖo teƒea la, ewu mo dzi gblɔ nɛ bena: Zaxeo, ɖi kaba; elabena ele nam egbea be, manɔ aƒewò me.


Eye esi wokpɔe la, wo katã woli liʋiliʋi gblɔ bena: Eyina ŋutsu, si nye nuvɔ̃wɔla gbɔ dze ge.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite