41 Eye esi wòte va, eye wòkpɔ dua la, efa avi ɖe eŋuti
41 Esi wote ɖe Yerusalem ŋu, eye wòkpɔ dua la, efa avi ɖe eŋu,
Yesu fa avi.
Nyemegbe be, maganye lãkplɔvi le yowome o, eye ŋkeke vɔ̃e la medzrom o, wò ŋutɔ ènyae; nya, si do tso nye nuyi me la, nɔ nyanya na wò.
Mekpɔ ame mawɔnuteƒewo, eye wòvem be, womeléa ŋku ɖe wò nyawo ŋu o.
Nye ŋkuwo le tsi kplɔm yoo abe tɔʋu ene, le esi womelé ŋku de wò sea ŋu o ta.
Ke ne miegbe toɖoɖo la, ekema nye luʋɔ afa avi le adza me le dàda la ŋuti, eye nye ŋkuwo afa aɖatsi yoyoyo, le esi wokplɔ Yehowa ƒe lãhawo dzoe ta.
Oo, ɖe wònye dzeƒee le asinye le gbegbe la, anye ne magblẽ nye dukɔ ɖi, eye míaʋu tso wo gbɔ! Elabena ahasiwɔla kple ame tovowo ƒe ha wo katã wonye.
Dzi kum heliheli ɖe ame vɔ̃ɖi, siwo gblẽ wò see ɖi la ŋuti.
Efrayim, aleke matsɔ wo ana, eye matsa wò Israel ade asi? Aleke mawɔ wò abe Adma ene, eye mawɔ wò abe Zeboim ene? Nye dzi trɔ le menye, eye nye nublanuikpɔkpɔ le fiefiẽm wlɔwlɔwlɔ!
Eye wòlé ŋku ɖe edzi gã eteƒe didi, eye Mawu ƒe ame la de asi avifafa me.
Eyata mebe: Miɖe ko ɖa le ŋunye, ne mafa avi vevie, migaƒo ɖu ɖe nunye, be yewoafa akɔ nam le nye dukɔ ƒe vinyɔnu tsɔtsrɔ̃ la ŋuti o.
Elabena Yehowa akɔ eɖokui ɖe dzi abe le Perazim-to la gbɔ ene, eye wòanyrã abe le Gibeon-bali me ene, ne woawo eƒe do, do tutɔ enye eƒe do la, ne woawo eƒe nuwɔwɔ, nuku enye eƒe nuwɔwɔ.
gblɔ bena: Wò hã, ɖe nènya nusi na ŋutifafa wò le wò ŋkeke sia me: ke azɔ la eɣla ɖe wò ŋkuwo!