Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 19:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Ke eƒe dumetɔwo lé fui, eye wodɔ ame ɖe eyome gblɔ bena: Mielɔ̃ bena, amesia naɖu fia ɖe mia dzi o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

14 “Gake eteviwo lé fui, eye wodɔ amewo ɖo ɖe eyome gblɔ be, ‘Míele ame sia dim be wòaɖu fia ɖe mía dzi o.’

Gade chapit la Kopi




Luka 19:14
15 Referans Kwoze  

Eye Yehowa gblɔ na Samuel bena: Ɖo to dukɔ la ƒe gbe le nusianu, si woagblɔ na wo la me, elabena menye wòe wogbe o, ke boŋ nyee wogbe be, nyemagaɖu fia ɖe yewo dzi o.


Ne xexeame lé fu mi la, minyae bena, nyee wòtre fulélee.


Gake nye ketɔ ma, siwo melɔ̃ be, maɖu fia ɖe wo dzi o la, atikplɔ wo va afii, eye miwu wo le ŋkunye me.


Eva ye ŋutɔ tɔwo gbɔ, eye ye ŋutɔ tɔwo mexɔe o.


Metsrɔ̃ lãkplɔvi etɔ̃ ɖa le dzinu ɖeka me; woƒe nu ti kɔ nam, eye nye nu ti kɔ na woawo hã.


Ale Yehowa, Israel ƒe xɔnametɔ kple eƒe kɔkɔetɔ la gblɔ na amesi wodo vloe, amesi dukɔ la nyɔ ŋui, amesi nye dziɖulawo ƒe kluvi la, enye si; Fiawo akpɔe ahatso ɖe tsitrenu, eye amegãwo aɖe ta agu le Yehowa, amesi metrɔa ta me o la ta, le Israel ƒe kɔkɔetɔ, amesi tia wò la ta.


Ke ne mele nenema o la, adɔ dɔlawo aɖo ɖe amesi le mɔ dzi ʋĩ gbɔna la gbɔ, be wòabia tomefafa.


Eye esi wòyɔ eƒe dɔlawo dome ame ewo ve la, etsɔ pounde ewo na wo, eye wògblɔ na wo bena: Mitrɔ le wo dzi, vaseɖe esime magagbɔ.


Eye wòva ve me, esi wòxɔ fiaɖuƒe la vɔ, eye wòtrɔ gbɔ la, bena ena woyɔ dɔla siawo, amesiwo si wòtsɔ ga ɖee la, vɛ nɛ, bena wòanya amesi ɖe vi, kple vi, si wòɖe.


ke boŋ amesi be, yeade asi wo ŋu la, ele be, woatso ga kple akplɔti ɖe asi, eye wòatɔ dzo wo ɖe wo teƒe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite