Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 18:31 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

31 Eye wòyɔ ame wuieveawo va egbɔ gblɔ na wo bena: Kpɔ ɖa, mieyina Yerusalem, eye woawu nusiwo katã woŋlɔ ɖi to nyagblɔɖilawo dzi le Amegbetɔvi la ŋuti la nu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

31 Azɔ Yesu yɔ nusrɔ̃la wuieveawo va eɖokui gbɔ, gblɔ na wo be, “Abe ale si mienyae ene la, míeyina Yerusalem. Ne míeɖo afi ma la, nyagblɔɖi siwo katã nyagblɔɖilawo gblɔ ɖi tso Amegbetɔ Vi la ŋu la le eme va ge.

Gade chapit la Kopi




Luka 18:31
17 Referans Kwoze  

Tso ekema dzi la Yesu de asi eƒe nusrɔ̃lawo fiafia me, alesi, wòle nɛ godoo bena, wòayi Yerusalem, eye woakpe fu geɖe atso amegãwo kple nunɔlagãwo kpakple agbalẽfialawo si me, eye woawui, eye le ŋkeke etɔ̃agbe wòafɔe ɖe tsitre.


Ke eva ve me, esime ŋkekeawo le enu wu ge be, woakɔe ayi dziƒo la, eya ŋutɔ tsɔ eƒe ŋku ɖo Yerusalem yiyi dzi;


hegblɔ bena: Ele na Amegbetɔvi la be, woakpe fu geɖe, eye amegãwo kple nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo aɖo vloe, eye woawui, eye ŋkeke etɔ̃agbe la atsi tre.


Yi, nyɔ ɖe nye lãkplɔvi kple ŋutsu, si mia kplii míebɔa ha la ŋu, Yehowa Zebaot ye gblɔe. Dza lãkplɔvi, ne lãha nakaka ahlẽ! Ke matrɔ nye asi ɖe ame tsewo ŋu.


Le kwiasiɖa blaade vɔ eve megbe la woatsrɔ̃ amesiamina la fɔmaɖimaɖii, eye amegã, si le vava ge la ƒe dukɔ agbã du la kple kɔkɔeƒe la, eye enu ayi abe tɔsisie kplɔe dzoe ene; aʋawɔwɔ kple aƒedo ana anyi vaseɖe nuwuwu.


Ke wo nu anɔ ame akpe ene, eye wòdo mɔ wo.


Aƒetɔ, mieɖo ŋui bena, esi ameblela ma le agbe la, egblɔ bena: Le ŋkeke etɔ̃ megbe la magatsi tre.


Eye Yesu xɔ dzi gblɔ bena: Amea ɖe tso Yerusalem heyina Yerixo; eye wòɖaɖze adzodalawo si me, eye woɖe eƒe awu le eŋu, eye esi woɖe abi eŋu la, wodzo hegblẽe ɖi woku afã kple afã.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite