Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 18:24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Eye esi Yesu kpɔe la, egblɔ bena: Ale wòsẽ na amesiwo si nu le la be, wòayi ɖe mawufiaɖuƒe la me enye esi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

24 Yesu nɔ eyome kpɔm esi wòyina, eye wògblɔ be, “Asesẽ na kesinɔtɔ ŋutɔ be wòage ɖe mawufiaɖuƒe la me!

Gade chapit la Kopi




Luka 18:24
18 Referans Kwoze  

ne nyemagaɖi ƒo akpa ahasẽ nu agblɔ bena: „Amekae nye Yehowa hã“ o; eye ne nyemagaɖo ko ayi fi fi ge ahaɖa aƒu ɖe nye Mawu ƒe ŋkɔ ŋu o.


Amesi ɖo ŋu ɖe eƒe kesinɔnu ŋu la, adze anyi; ke ame dzɔdzɔewo ade ama abe aŋgba ene.


Elabena ame vɔ̃ɖi tsoa eƒe dzimedidiwo ƒoa adegbee, eye ŋubiala ɖea Yehowa ɖe aga heɖea alɔme le eŋu.


Eye wòve fia la ŋutɔ; gake la le eƒe atamkaka kple amesiwo le kplɔa ŋuti kpakplii ta la melɔ̃ be, yeagbe enana o.


Eyata mayi ame ŋkutawo gbɔ, eye maƒo nu kpli wo; elabena woawoe nya Yehowa ƒe mɔ kple woƒe Mawu ƒe se la me. Ke wo katã wòŋe kɔkuti la, eye wotso kaawo!


Oo, dzidzime ka miehenye! Milé ŋku ɖe Yehowa ƒe nya ŋu. Gbegbe menye na Israel loo, alo anyigba doblukɔ tsiɖitsiɖia? Nukaŋuti nye dukɔ le gbɔgblɔm be: Miele tsa glãla tsam, eye míagava gbɔwò o?


Kesinɔtɔ ƒe nuwo nye eƒe du sesẽ, eye wobuna be, gli kɔkɔwo wonye.


Ke esi wòse esiawo la, evee ŋutɔ; elabena kesinɔtɔ ŋutɔ wònye.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite