Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 18:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Eye esi Yesu see la, egblɔ ne bena: Egasusɔ nu ɖeka na wò; dzra nusiwo katã le asiwò la, eye namã wo na ame dahewo, eye nu nyui anɔ dziƒo na wò; eye nava adze yonyeme.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

22 Yesu gblɔ nɛ be, “Esusɔ nu vevi ɖeka nàwɔ, yi nàdzra nu siwo katã le asiwò, eye nàtsɔ ga la na ame dahewo; esia anye kesinɔnu na wò le dziƒo, ekema va nàdze yonyeme.”

Gade chapit la Kopi




Luka 18:22
16 Referans Kwoze  

Midzra nusi le mia si, eye mina nu ame dahewo; miwɔ kotoku, siwo medo xoxo o la, na mia ɖokui, nu nyui, siwo nu metsina o la, ɖe dziƒo, afisi fiafitɔ megogo o, eye agbagblaʋui hã megblẽa nu le o.


Yesu gblɔ nɛ bena: Ne èle didim be, yeazu blibo la, heyi ɖadzra nusiwo le asiwò la, ne natsɔ wo ana ame dahewo, ekema kesinɔnu anɔ dziƒo na wò, eye nava anɔ yonyeme.


Eye nye hã mele egblɔm na mi bena: Mitso anyigbadzinu madzɔmadzɔwo dze xɔlɔ̃woe na mia ɖokui bena, ne wo nu tsi la, woaxɔ mi ɖe agbadɔ mavɔwo me.


elabena Maria lia nyuia gome, si womele xɔxɔ ge le esi o.


Ke, lɔlɔ̃tɔwo nu ɖeka sia naganɔ ɣaɣla ɖe mi o bena, te Mawu gbɔ la ŋkeke ɖeka le abe ƒe akpe ɖeka ene, eye ƒe akpe ɖeka hã abe ŋkeke ɖeka ene.


Nɔvinyewo, nye ŋuta nyemebu ɖokuinye bena, nye asi su edzi haɖe o.


Eye wògblɔ na wo katã bena: Ne amea ɖe le didim be, yeadze yonyeme la, negbe nu le ye ŋutɔ gbɔ, eye wòatsɔ eƒe atitsoga gbawotsyogbe, eye wòadze yonyeme.


Nu ɖeka mebia Yehowa, esi le dzroyem, be manɔ Yehowa ƒe me le nye agbe me ŋkekewo katã me, eye makpa Yehowa ƒe vivisesewo katã kple ŋku, eye mayi tame le eƒe gbeɖoxɔ me.


Ke eya gblɔ bena: Mewɔ nusiawo katã dzi tso nye ɖevime ke.


Ke esi wòse esiawo la, evee ŋutɔ; elabena kesinɔtɔ ŋutɔ wònye.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite