Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 18:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Ke nudzɔla la tsi tre le adzɔge ke, eye melɔ̃ be, yeawu eƒe mo hã dzi akpɔ dziƒo o; ke boŋ eƒo akɔta gblɔ bena: Mawu, kpɔ nublanui na nye, nuvɔ̃wɔla!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 “Gake nudzɔla la nɔ tsitre ɖe adzɔge afi aɖe ke, eye melɔ̃ be yeawu mo hã dzi akpɔ dziƒo o; ke boŋ eƒo akɔta hegblɔ be, ‘Mawu, kpɔ nublanui na nye nu vɔ̃ wɔla sia.’

Gade chapit la Kopi




Luka 18:13
45 Referans Kwoze  

gblɔ bena: Nye Mawu, ŋu le kpeyem ŋutɔ, be mawu mo dzi na wo, nye Mawu: elabena míaƒe vodadawo gbɔ mía ta, eye míaƒe fɔɖiɖiwo kɔ yi ɖatɔ keke dziƒo ke.


Nyateƒenya wònye, eye wòdze be, woaxɔe keŋ bena, Kristo Yesu va xexeame, nuvɔ̃wɔlawo ɖe ge, amesiwo dome menye gãtɔ le.


Yehowa akpe ɖe eŋu le dɔba dzi; ne ele dɔ lém la, atrɔ eƒe aha dzi nɔnɔ bubui.


Eye ameha, siwo katã va ƒo ƒu ɖe nukpɔkpɔ sia ŋu la, esi wokpɔ nusiwo va dzo la, wogbugbɔ hele woƒe akɔtawo ƒom.


Elabena mave woƒe madzɔmadzɔnyenyewo nu, eye nyemagado ŋu woƒe nuvɔ̃wo kple woƒe vodadawo o.“


Ke esi wose esia la, etɔ woƒe dzi me, eye wogblɔ na Petro kple apostolo mamleawo bena: Ŋutsuwo kple nɔviwo! Nuka wɔ ge míala?


Eyata minɛ miatsɔ dzideƒo ate va eƒe amenuvevezikpui la gbɔ, bene míaƒe asi nasu nublanuikpɔkpɔ dzi, eye míakpɔ amenuveve hena mía xɔxɔ le hiahiãgbe.


Ke Mawu ɖe ye ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃, si wotsɔ lɔ̃ mí la fia bena, esime míeganye nuvɔ̃wɔlawo la, Kristo ku ɖe mía ta.


Eye esi Simon Petro kpɔe la, edze klo ɖe Yesu ƒe afɔ nu gblɔ bena: Aƒetɔ, do go le gbɔnye, elabena ame wɔnuvɔ̃ menye.


Tete megblɔ be: Alele, evɔ nam! Elabena ame miyi makɔmakɔtɔ menye, eye mele dukɔ, si ƒe nuyi mekɔ o la dome, elabena nye ŋkuwo kpɔ fia Yehowa Zebaot.


Le wò ŋkɔ la ta, Yehowa, tsa nye vodada kam, elabena esa gbɔ!


Eyata megbe nye nyawo, eye wovem le ke kple afi me.


Elabena kpɔ ɖa, nenem nuxaxa sia, si míexa ɖe Mawu ƒe didi nu la, aleke wòhewɔ veviedodo geɖe na mi? Ẽ mia ɖokui taʋiʋli, ẽ dzibibi, ẽ vɔvɔ̃, ẽ didi vevi, ẽ ŋuʋaʋã, ẽ hlɔ̃biabia hã! Nusianu me míeɖe mia ɖokui fia be, mienɔ dzadzɛ le nya sia me.


Megaɖo ŋu nye ɖevimenuvɔ̃wo kple nye dzidadawo o, ke boŋ ɖo ŋku dzinye le wò amenuveve kple wò dɔmenyo ta, Yehowa!


Ke miyi ɖasrɔ̃ nusia gɔme. „Nublanuikpɔkpɔ dim mele, menye numeme o.“ Elabena nyemeva ame dzɔdzɔewo yɔ ge o, negbe nuvɔ̃wɔlawo ko.


ne naɖo ŋui, ŋukpe nalé wò, eye wò nu nade ga le ŋukpe ta, nenye be, metsɔ nusiwo katã nèwɔ la, ke wò, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe!


Yehowa be: Miva mídrɔ̃ nɔ nu! Ne miaƒe nuvɔ̃wo le abe nyagadzĩ ene la, woafu abe sno ene, eye ne wòbiã abe aɖabɛ ene la, woazu abe alẽfu ene.


Eye esi wòyi ɖe kɔƒea ɖe me la, ŋutsu ewo, siwo nye anyidzelawo la, va kpee, eye wotsi tre ɖe adzɔge;


Míewɔ nuvɔ̃, míeda ƒu, eye míewɔ nu tovo, miese to, eye míeƒo asa na wò sewo kple wò ɖoɖowo.


Israel, kpɔ mɔ na Yehowa, elabena amenuveve geɖe le Yehowa si, eye ɖeɖe bɔ ɖe esi!


Yehowa, wò amenuveve kple wò xɔname neva dzinye le wò ŋugbedodo la nu,


Míewɔ nuvɔ̃ kpe ɖe mía fofowo ŋu, míeɖa vo, eye míewɔ nu vɔ̃ɖi.


Ke wò, Yehowa, mate wo nublanuikpɔkpɔ da le gbɔnye o; wò amenuveve kple wò nyateƒe akpɔ tanye ɖaa.


Ke mebɔbɔ eɖokui ɖe anyi le Yehowa ŋku me, abe alesi fofoa Manase va bɔbɔ eɖokui ene o; ke boŋ Amon sia na vodada la sɔ gbɔ ɖe edzi.


Eƒe gbedodoɖa kple alesi woɖo toe, eƒe nuvɔ̃wo katã kple eƒe nu tovo wɔwɔwo kpakple teƒe, siwo wòtu nuxeƒewo do, eye wòtsɔ Aserawo kple legbawo ɖo hafi va bɔbɔ eɖokui la, kpɔ ɖa, woŋlɔ wo ɖe nukpɔlawo ŋutinya me.


Eye Dawid gblɔ na Natan bena: Mewɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa ŋu. Natan gblɔ na Dawid bena: Yehowa hã ɖe wò nuvɔ̃ la ɖa; mele kuku ge o.


Yehowa be: Nye asie wɔ nusiawo katã, ale be nusiawo katã li. Ke melé ŋku ɖe amesiwo ŋu: ɖe hiãtɔwo kple amesiwo ƒe gbɔgbɔ wote ɖe anyi, eye wovɔ̃a nye nyawo la ŋu.


Eye ne miele gbe dom ɖa la, migano abe alakpatɔwo ene o; elabena wolɔ̃a gbedodoɖa le tsitrenu le ƒuƒoƒewo kple ablɔwo ƒe dzogoewo dzi, bena amewo nakpɔ yewo. Vavã mele egblɔm na mi bena: Woxɔ woƒe fetu yi xoxo.


Filipo kple Bartolomeo: Toma kple Mateo, nudzɔla; Yakobo, si nye Alfeo vi, kple Lebeo, si woyɔna hã be Tadeo;


Eye ne miele tsitre le gbe ɖom ɖa, eye nyaa ɖe le miaƒe dzi me ɖe amea ɖe ŋu la, mitsɔe kee, bena mia Fofo, si le dziƒowo la, natsɔ miaƒe vodadawo hã ake mi.


Eye wòdzo le wo gbɔ anɔ abe kpedadadzeƒe ene, eye wòdze klo do gbe ɖa gblɔ bena:


Eye ne dukɔ blibo la kpɔ alilikpo dodo la le agbadɔa nu la, dukɔ la katã tsia tre, eye amesiame dea ta agu ɖe eƒe agbadɔ nu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite