Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 17:29 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

29 ke le ŋkeke, si dzi Lot do go tso Sodom la, dzo kple dzokpe wu tso dziƒo, eye wotsrɔ̃ wo katã:

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

29 va se ɖe ŋdi si Lɔt dzo le Sodom. Eye dzo kple dzokpe xɔxɔwo dza tso dziƒo hetsrɔ̃ ameawo katã.

Gade chapit la Kopi




Luka 17:29
16 Referans Kwoze  

Eye woƒe ŋutilã kukuwo anɔ du gã la ƒe ablɔ me; woyɔ ɖu sia le lododo me bena: Sodom kple Egipte, afisi hã woklã woƒe Aƒetɔ ɖe ati ŋu le.


Abe alesi wotsɔ Sodom kple Gomora kple du, siwo ƒo xlã wo, siwo wo ahasi akpa abe woawo ene, eye wodze ŋutilã bubu yome la, wo kpɔɖeŋu, esi wokpe dzo mavɔ ƒe fu la:


eye wòna Sodom kple Gomora ƒe duwo zu afi, eye wòbu fɔ wo to wo tɔtrɔtsyɔanyi me, eye wotsɔ wo ɖo kpɔɖeŋu na amesiwo ava nɔ agbe le mawumavɔ̃mavɔ̃ me;


Eyata ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Metà ɖokuinye ƒe agbe: Ne Moab mazu abe Soɖom ene, eye Amon-viwo abe Gomora ene o fĩ! Woazu ŋuve, dzeʋe kple gbegbe tegbee; nye ɖukɔ ƒe susɔea aha wo, eye nye dukɔ ƒe mamlea atsɔ wo anyi domee.


Yehowa be: Ame matso aƒe ɖe afima alo amegbetɔvia ɖe nanɔ eme o, abe alesi Mawu trɔ Sodom kple Gomora kpakple woƒe aƒelikawo bu anyii ene.


Ale woava me na Babel, si nye fiaɖuƒewo ƒe nu vevi kple Kaldea-tɔwo ƒe adegbeƒoƒo kple atsyɔ la, abe alesi Mawu trɔ Sodom kple Gomora bu anyi ene.


Metrɔ mi bu anyi, abe alesi Mawu trɔ Sodom kple Gomora bu anyi ene, eye miele abe ati, si woɖe tso dzo me la ene; ke miegbe tɔtrɔ ɖe ŋunye, Yehowa ye gblɔe!


Efrayim, aleke matsɔ wo ana, eye matsa wò Israel ade asi? Aleke mawɔ wò abe Adma ene, eye mawɔ wò abe Zeboim ene? Nye dzi trɔ le menye, eye nye nublanuikpɔkpɔ le fiefiẽm wlɔwlɔwlɔ!


Ɖe menye Yehowa Zebaot ye kpɔtɔ ame ʋeea ɖewo ɖi na mí o la, anye ne esuso vie ko miele abe Sodom ene, eye míeɖi Gomora!


Alesi ke wòva ve me le Lot ƒe ŋkekeawo me: Wole nuɖuɖu dzi, wole nunono dzi, wole nuƒeƒle dzi, wole nudzadzra dzi, wole nukuwo dodo dzi, wole xɔtutu dzi;


nenema ke wòanɔ le ŋkeke, si dzi Amegbetɔvi la laɖe eɖokui afia.


eya lano Mawu ƒe dɔmedzoe ƒe aha, si wometɔtɔ kɔ ɖe eƒe dɔmedzoekplu la me o, eye woatsɔ dzo kple dzokpe ewɔ fui le mawudɔla kɔkɔeawo kple alẽvi la ŋku me.


Eye wolé lã la kple aʋatsonyagblɔɖila, si wɔ dzesiwo le eƒe ŋku me, esiwo wotsɔ ble amesiwo xɔ lã la ƒe dzesi kple amesiwo de ta agu na eƒe legba; wotsɔ wo ame eve la siaa ƒu gbe ɖe dzota, si le bibim kple dzokpe la me agbagbe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite