Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 17:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Nenema ke miawo hã, ne miewɔ nusiwo katã woɖo na mi la, migblɔ bena: Dɔla madzemadzewo míenye; nusi le na mi be, miawo la, eya koe miewɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Alea kee nenye be mieɖo tom la, mele be miabu be ele be makafu mi o, elabena miagblɔ be, ‘Dɔla madzemadzewo míenye, míaƒe dɔdeasi ko míewɔ!’ ”

Gade chapit la Kopi




Luka 17:10
20 Referans Kwoze  

Alo ameka tre nu nanae, bene woagaɖo eteƒe ne mahã?


Amea ɖeke meli, si yɔa wò ŋkɔ, eye wòtsona be, yeaku ɖe ŋuwò o; elabena èɣla wò ŋku me ɖe mí, eye nèna nu ti kɔ na mí ɖe miaƒe vodadawo me.


Wo keŋ wote ɖe aga, wo katã tim wogblẽ. Amea ɖeke meli, si wɔa nu nyui o, ɖeka hɔ̃ hã meli o.


Eye dɔla, si menyo na naneke o la, mitsɔe ƒu gbe ɖe viviti tsiɖitsiɖi la me, afima avifafa kple aɖukliɖuɖu lanɔ.


Tete megblɔ be: Alele, evɔ nam! Elabena ame miyi makɔmakɔtɔ menye, eye mele dukɔ, si ƒe nuyi mekɔ o la dome, elabena nye ŋkuwo kpɔ fia Yehowa Zebaot.


amesi menye viɖea ɖeke na wò tsã o; ke azɔ la enye viɖe nyui na wò kple nye hã;


Alo ɖe woada akpe na dɔla la bena, ewɔ nusiwo ƒe se wòde nɛ la dzi mahã?


Eye wòva ve me, esi wole mo dzi yina Yerusalem la bena, eto Samaria kple Galilea titina.


Eye wova hexɔe wònye wo tɔ, ke wogbe toɖoɖo wò gbe, womezɔ ɖe wò seawo nu o, eye womewɔ nusiwo katã ŋu nèɖe se le na wo la o; eyata nèna dzɔgbevɔ̃e siawo katã va wo dzi ɖo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite