Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 17:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: Womate ŋu axe mo na nuɖiaɖiawo ƒe vava o; gake baba na amesi dzi woato ava.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Gbe ɖeka la, Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Tetekpɔ ava mia dzi ɖaa be miawɔ nu vɔ̃, gake baba na ame si dzi wòato ava.”

Gade chapit la Kopi




Luka 17:1
14 Referans Kwoze  

Baba na xexeame le nuɖiaɖia ŋuti: Elabena nuɖiaɖiawo lava tsã; ke baba na nenem me, si dzi nuɖiaɖia lato ava la.


Eyata ne nuɖuɖu ɖia nɔvinye nu la, ekema nyemele lã ɖu ge gbeɖegbeɖe akpɔ o, bene nyemagana nɔvinye nu o.


Azɔ la migana miadrɔ̃ ʋɔnu mía nɔewo o, hafi midrɔ̃ ʋɔnu le nusia ŋuti boŋ bena, amea ɖeke nagatsɔ nukikli alo nuɖiaɖia ada ɖe nɔvia ƒe mɔ dzi o.


Elabena ele vevie bena, kɔmamãwo hã naɖo mia dome, bene amesiwo li ke la, nadze ƒã le mia dome.


Ke mele nu xlɔ̃m mi, nɔviwo, bena mialé ŋku ɖe amesiwo wɔa mamãwo kple nuɖiaɖiawo ɖe nufiafia, si miesrɔ̃ ŋu la ŋuti, eye milé mia ɖokui ɖa tso wo gbɔ.


Ke etrɔ gblɔ na Petro bena: Te ɖa yi megbenye, Satana! Nuɖiaɖia nènye nam, elabena menye Mawu tɔ nesusu o, negbe nusi nye amegbetɔwo tɔ ko.


Migazu nukikli na Yudatɔwo kple Helatɔwo kple Mawu ƒe hame la o;


Gake la mekpɔ nu via ɖewo le ŋutiwò; elabena amesiwo lé Bileam ƒe nufiafia me ɖe asi la, le gbɔwò le afima, amesi fia Balak bena, wòatsɔ nuɖianu aɖo Israel-viwo ŋku me, ne woaɖu nusiwo wosa vɔe na trɔ̃wo, eye woawɔ ahasi.


Gake la mekpɔ nusia le ŋutiwò bena, neɖe mɔ na nyɔnu Isabel, si yɔ eɖokui bena nyagblɔɖila, eye wòfiã nu nye dɔlawo heble wo, bene woawɔ ahasi, eye woaɖu nusiwo wosa vɔ na trɔ̃wo.


Ke egblɔ nɛ bena: Ne womeɖo to Mose kple nyagblɔɖilawo o la, ne amea ɖe tsi tre tso ame kukuwo dome hã la, mele ŋu te ge aƒoe ɖe wo nu o.


Ke Gbɔgbɔ la gblɔe kɔte bena, le ŋkeke mamleawo me la amea ɖewo ade megbe atso xɔse la me, eye woaɖo to beblegbɔgbɔwo kple gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nufiafia


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite