Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 16:25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Ke Abraham gblɔ bena: Vinye, ɖo ŋku edzi bena, exɔ wò nu nyuiwo vo le wò agbenɔɣi me, eye nenema ke Lazaro xɔ vɔ̃awo; ke azɔ la wole akɔ fam nɛ le afii, eye wò la èle fu kpem.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

25 “Gake Abraham gblɔ nɛ be, ‘Ŋutsu, ɖo ŋku edzi be le wò agbemeŋkekewo me la, èkpɔ nu sia nu si nèdi, ke naneke menɔ Lazaro ya si o. Ale le afi sia la, ekpɔ akɔfafa, ke wò ya èle vevesese me.

Gade chapit la Kopi




Luka 16:25
25 Referans Kwoze  

Gake baba na mi kesinɔtɔwo; elabena miekpɔ miaƒe akɔfafa la xoxo.


Migalɔ̃ xexeame kple nusiwo le eme o. Ne amea ɖe lɔ̃ xexeame la, Fofoa ƒe lɔlɔ̃ mele eme o.


tso amegbetɔwo si me kple wò asi, Yehowa, tso ame kodzogbeawo si me, amesiwo kpa woƒe gome le agbe me, eye nètsɔ wò kesinɔnuwo te ɖe ko me na wo; viwo bɔ ɖe wo si kpaŋ, eye wogblẽ woƒe nu susɔeawo ɖi na wo viwo.


Ke ne wò afɔ ɖia nu wò la, lae ɖa; enyo na wò be, nayi ɖe agbe la me kple afɔkpo, wu esi afa eve nanɔe na wò, eye woatsɔ wò aƒu gbe ɖe dzomavɔʋe la me,


eyata esi ŋutilãnudidi enye adikã ɖe Mawu ŋuti, elabena mebɔbɔa eɖokui ɖe Mawu ƒe se la te o, eye metea ŋui hã o.


Amesiwo ƒe nuwuwu enye gbegblẽ, amesiwo ƒe ƒodo nye mawu na wo, eye woƒe kafukafu le woƒe ŋukpenanuwo me, amesiwo susua anyigbadzinuwo ŋuti ɖeɖeko.


hele ŋusẽ ɖom nusrɔ̃lawo ƒe luʋɔwo, eye wole nu xlɔ̃m wo be, woanɔ xɔse la me; eye bena xaxa geɖewo me to ge míala tsã ayi ɖe mawufiaɖuƒe la me.


elabena elɔ̃ be, yeakpe fu akpe ɖe Mawu ƒe dukɔ la ŋuti wu esi yeakpɔ nuvɔ̃ ƒe vivisese le ɣeyiɣi via ɖe ko me,


bene amea ɖeke nagaʋuʋu le xaxa siawo me o; elabena mia ŋutɔwo mienyae bena, esiawo ke ŋuti woɖo mí ɖo;


Eye megblɔ nɛ bena: Nye aƒetɔ, wòe nyae! Eye wògblɔ nam bena: Amesiawo nye amesiwo ɖo go tso xaxa gã la me, eye wonyã woƒe awuwo, eye wowɔ wo ɣie le alẽvi la ƒe ʋu la me.


Esiawo megblɔ na mi, bena míakpɔ ŋutifafa le menye. Le xexea me la miekpɔ xaxa; gake miaƒe dzi nedze eme; nye la meɖu xexeame dzi.


Eye le tsieƒe, esi wòle fukpekpe me la, ewu eƒe mo dzi, eye wòkpɔ Abraham ɖa ʋĩ, eye Lazaro le eƒe akɔnu.


ke ame dahea ɖe, si ŋkɔ nye Lazaro la, mlɔ eƒe agbo nu, eye abiwo yɔ eŋuti fũ;


Zã ma me ke wowu Kaldeatɔwo ƒe fia Belsazar.


Yerusalem le ŋu ɖom eƒe atsyɔ, siwo katã nɔ eŋu le blema ŋkekewo me la, le eƒe hiãɣi kple anyidzeɣi, elabena eƒe amewo tsi futɔ la si me, eye xɔnametɔ meli o. Ketɔ la kpɔe, eye woke eƒe toyiyi.


Kpao, ke boŋ akpɔe be, nunyalawo kuna, bometsilawo kple abunetɔwo nu yina, eye wogblẽa woƒe nuwo ɖi na ame bubuwo.


Evɔ wonye etsɔ kesinɔnuwo yɔ xɔ na wo taŋ hafi. Ame vɔ̃ɖiwo ƒe adaŋudede nede megbe xaa tso gbɔnye!


Woƒe ŋku do le ami me hɔ̃, eye woƒe dzimesusuwo do lululu.


Aƒetɔ, mieɖo ŋui bena, esi ameblela ma le agbe la, egblɔ bena: Le ŋkeke etɔ̃ megbe la magatsi tre.


Eye kpe ɖe nusiawo katã ŋuti la ʋe gãa ɖe le mia kple miawo dome, ale bena, ne amewo le didim be, woatso afii ayi mia gbɔ la, womate ŋui o, eye afimatɔwo hã mate ŋu ava mia gbɔ o.


Aɖi wò kusi kple wò amɔwɔze ŋu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite