Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 16:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye wògblɔ na nusrɔ̃lawo hã bena: Ŋutsu kesinɔtɔa ɖe li, si xɔnuvi le esi, eye wotso eyama nu nɛ bena, ele eƒe nuwo gblẽm.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Yesu do lo sia na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Kesinɔtɔ aɖe xɔ gakɔntametola aɖe be wòakpɔ eƒe ganyawo dzi nɛ. Eteƒe medidi o la, eva se be gakɔntametola la nye ame fiti aɖe ŋutɔ.

Gade chapit la Kopi




Luka 16:1
19 Referans Kwoze  

Misubɔ mia nɔewo le alesi amesiame xɔ amenuvevenunana la nu, abe Mawu ƒe amenuveve bubu ƒomevi geɖewo ƒe xɔnuvi nyuiwo ene.


Eye Aƒetɔ la gblɔ bena: Azɔ amekae nye xɔnuvi nuteƒewɔla kple nunyala, amesi eƒe aƒetɔ aɖo eƒe aƒemetɔwo dzi be, wòana woƒe nuɖuɖu wo le ɣeyiɣi nyui dzi mahã?


Miebiana, eye miexɔnɛ o; elabena miebiana le mɔ vɔ̃ dzi, bene miagblẽ nu la le miaƒe dzidzɔkpɔkpɔwo me.


Elabena ele na dzikpɔla bena, wòanye mokaka manɔŋutɔ, abe Mawu ƒe xɔnuvi ene; Wòaganye ɖokuiŋudzela o, wòaganye dɔmedzoetɔ o, wòaganye aha geɖe nola o, wòaganye ameƒola o, wòagaɖi viɖe ƒoɖi o;


ke esi viwòŋutsuvi sia, si gblẽ wò nuwo kple nyɔnu wɔahasiwo la, va ko la, nèwu nyivi dami nɛ.


Eye mede ŋkeke geɖea ɖeke o, ŋutsuvi ɖevitɔ la ƒo eƒe nuwo katã nu ƒu, eye woʋu heyi anyigba didia ɖe dzi, eye afima wògblẽ eƒe nuwo le kple agbe baɖabaɖa nɔnɔ.


Eye bubu va gblɔ bena: Aƒetɔ, kpɔ ɖa, wò pounde, si metsɔ dzra ɖo ɖe taku nu la, nye esi;


Amesi wɔa alɔgblɔlɔ le ɖɔ ŋu la, nugblẽla nɔvl wonye.


Eye ŋutsu kesinɔtɔa ɖe li, si doa awu dzi kple aklalabiɖibiɖiwu, eye woɖua agbe gbesiagbe le dzidzɔ me;


kple Yohana, Kuza, si nye Herodes ƒe xɔnuvi la srɔ̃, kple Susana kple ame bubu geɖe, siwo tso woƒe nuwo subɔ wòe.


Eyata metso ŋu atɔ kpɔ ɖe eƒe mɔ dzi, eye maɖo gli ɖe edzi, ale be magakpɔ etoƒe o.


Tele Dawid ƒo Israel ƒe amegãwo katã, toawo ƒe amegãwo, hawo ƒe amegã, siwo subɔa fia la, ame akpewo ƒe amegãwo kple ame alafawo ƒe amegãwo kpakple amesiwo kpɔa fia la kple viawo ƒe kesinɔnuwo kple lãhawo dzi la nu ƒu ɖe Yerusalem hekpe ɖe aƒedzikpɔlawo, kalẽtɔwo kple ŋutsu ŋkumesesẽtɔwo katã ŋu.


Eye wote ɖe Yosef ƒe aƒedzikpɔla ŋu le xɔa ƒe mo nu, eye woƒo nu kplii gblɔ bena:


Tete Abram gblɔ bena: Aƒetɔ Yehowa, esi vikoe le wɔyem, eye ye nuwo domenyila enye Damaskotɔ Eliezer la, nuka gɔ̃ natsɔ nama?


Ke esi fiẽsi ɖo la, weinbɔtɔ la gblɔ na eƒe xɔnuvi bena: Yɔ dɔwɔlawo vɛ, eye nana fetu wo, eye nadze egɔme atso mlɔetɔwo dzi vaseɖe gbãtɔwo dzi.


Eye wòyɔe gblɔ nɛ bena: Aleke wɔ, eye mese esia le ŋuwò mahã? Bu akɔnta le wò xɔnuvinyenye la ŋuti, elabena megale ŋu te ge anye xɔnuvi gbeɖe o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite