Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 15:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Mele egblɔm na mi bena: Nenema ke wòanye dzidzɔ le dziƒo le nuvɔ̃wɔla ɖeka, si trɔ le dzi me la ŋuti wu ame dzɔdzɔe blaasieke vɔ asieke, siwo mehiã dzimetɔtrɔ o la.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 “Nenema kee dziƒonɔlawo akpɔ dzidzɔ le nu vɔ̃ wɔla ɖeka pɛ si dzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ la ŋu tsɔ wu ame blaasiekɛ-vɔ-asiekɛ siwo mehiã na dzimetɔtrɔ o.

Gade chapit la Kopi




Luka 15:7
13 Referans Kwoze  

Nyemeva ame dzɔdzɔewo yɔ ge o, negbe nuvɔ̃wɔlawo ko hena dzimetɔtrɔ.


Mele egblɔm na mi bena: Nenema ke wòanye dzidzɔ le mawudɔlawo ƒe ŋku me le nuvɔ̃wɔla ɖeka, si trɔ le dzi me la ŋuti.


Ke ele be, dzi nadza wò; elabena nɔviwò sia ku, eye wògagbɔ agbe; ebu, eye wogakpɔe.


Eye ne eva me bena, eyi ɖakpɔe la, vavã mele egblɔm na mí bena, akpa dzidzɔ le eya ŋuti awu le blasieke vɔ asieke, siwo metra mɔ o la ŋu.


nenema nye dzidzime, si buna be, yedza, gake mele eƒe ɖiƒoƒo kpɔm o;


Ke nye la mena agbe semanɔsitɔe tsã; ke esi sedede va la, nuvɔ̃ la gbɔ agbe,


Eye wògblɔ na wo bena: Miawoe nye amesiwo le afia tsom na mia ŋu tɔwo mia ɖokui le amewo ƒe ŋku me, gake Mawu nya miaƒe dziwo me; elabena nusi nye nu gã le amewo dome la, enye ŋunyɔnu le Mawu ƒe ŋku me.


Eye wòɖo ŋu gblɔ na fofoa bena: Kpɔ ɖa, nenem ƒe geɖe siawo mesubɔ wò, eye nyemeda wò seawo dzi kpɔ o, ke nye la mena gbɔ̃ tatam kpɔ bena, mía kple xɔ̃nyewo míakpɔ dzidzɔ o:


Azɔ mitse ku, si dze dzimetɔtrɔ,


Eye ne eva aƒe la, ayɔ xɔlɔ̃awo kple aƒelikawo aƒo ƒu, agblɔ na wo bena: Mikpɔ dzidzɔ kplim, elabena mekpɔ nye alẽ, si bu la.


Alo nyɔnu ka si klosalo ewo le, ne ebu ɖeka la, ɖe masi akaɖi, eye wòakplɔ xɔa me, eye wòaɖi vevie, vaseɖe esime wòakpɔe o mahã?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite