Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 15:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eye farisitɔwo kple agbalẽfialawo li liʋiliʋi gblɔ bena: Amesia xɔa nuvɔ̃wɔlawo, eye woɖua nu kpli wo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Esia na Farisitɔwo kple agbalẽfialawo galĩ liʋĩliʋĩ geɖe le Yesu ŋu, elabena wobu be edea ha kple nu vɔ̃ wɔlawo, heɖua nu kpli wo gɔ̃ hã.

Gade chapit la Kopi




Luka 15:2
12 Referans Kwoze  

Ke esi farisitɔwo kpɔe la, wogblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: Nukaŋuti miaƒe nufiala ɖua nu kple nudzɔlawo kpakple nuvɔ̃wɔlawo mahã?


Eye esi wokpɔe la, wo katã woli liʋiliʋi gblɔ bena: Eyina ŋutsu, si nye nuvɔ̃wɔla gbɔ dze ge.


Ke esi farisitɔ, si kpee la, kpɔ esia la, egblɔ le ye ŋutɔ ɖokui me bena: Ɖe amesia nye nyagblɔɖila la, anya amesi kple amesi ƒomevi nye nyɔnu sia, si le asi dem eŋu; elabena nuvɔ̃wɔla wònye.


Eye farisitɔwo kple woƒe agbalẽfialawo li liʋiliʋi ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋuti gblɔ bena. Nukaŋuti mieɖua nu, eye mienoa nu kple nudzɔlawo kpakple nuvɔ̃wɔlawo mahã?


gblɔ bena: Ŋutsu aʋamatsomatsotɔwo gbɔ nèyi, eye neɖu nu kpli wo.


Amegbetɔvi la va, ɖua nu, noa nu, eye miegblɔ bena: Nutsuɖula kple ahatsunola, nudzɔlawo kple nuvɔ̃wɔlawo ƒe xɔlɔ̃.


Elabena hafi amea ɖewo tso Yakobo gbɔ va la, eya kple trɔ̃subɔlawo dua nu; ke esi wova la, èhe eɖokui ɖe megbe, eye wòɖe eɖokui ɖa, elabena evɔ amesiwo tso aʋatsotsoa me la.


Amegbetɔvi la va, ɖua nu, noa nu hã, eye wogblɔ bena: Kpɔ ɖa, amesia enye nutsuɖula kple ahatsunola, nudzɔlawo kple nuvɔ̃wɔlawo ƒe xɔlɔ̃. Eye nunya la ƒe dɔwɔwɔ tso afia nɛ.


Ke edo lo sia na wo gblɔ bena:


Nyateƒenya wònye, eye wòdze be, woaxɔe keŋ bena, Kristo Yesu va xexeame, nuvɔ̃wɔlawo ɖe ge, amesiwo dome menye gãtɔ le.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite