Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 15:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Eye wòyi ɖatsɔ eɖokui lé ɖe anyigba ma ƒe dumetɔa ɖe ŋu, eye wòdɔe ɖe eƒe abɔ me, be wòanyi hawo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

15 Eya ta eɖe kuku na agbledela aɖe be wòaxɔ ye yeanɔ eƒe hawo dzi kpɔm nɛ.

Gade chapit la Kopi




Luka 15:15
27 Referans Kwoze  

Elabena tsã la miawo hã míenye ame manyanuwo, tosẽlawo, mɔtrelawo, nu dzodzro kple dzidzɔkpɔkpɔ bubu ƒomevi geɖewo ƒe subɔlawo, vɔ̃ɖiwɔwɔ kple ŋuʋaʋã me nɔlawo, ame nyɔŋuwo kple amesiwo léa fu wo nɔewo.


Nukaŋuti woanɔ mia ƒoƒo dzi, esi miele godzedze dzi ɖaa? Ta blibo la xɔ abi, eye nu te dzi blibo la ŋu belibeli.


Eyata nye hã meɖl gbɔ mi, eye mehɔhɔ mi ɖe dzi le dukɔ blibo la ŋku me; elabena mielẽ ŋku ɖe nye mɔwo ŋu o, eye miede ame dzi le nufiafia me.


Yehowa, ɖe wò ŋkuwo mele nyateƒe ŋu oa? Eƒo wo, gake meɖe lã me na wo o; ètsrɔ̃ wo ɖa, ke wogbe toɖoɖo tohehe, wosẽ woƒe ŋku me wu agakpe, eye wogbe tametɔtrɔ.


Ke azɔ, esi woxɔ mi tso nuvɔ̃ si hewɔ ablɔɖeviwoe, eye gake wowɔ mi Mawu ƒe kluviwoe la, miekpɔ miaƒe kutsetse hena kɔkɔenyenye: ke nuwuwu la enye agbe mavɔ.


Eye mede ŋkeke geɖea ɖeke o, ŋutsuvi ɖevitɔ la ƒo eƒe nuwo katã nu ƒu, eye woʋu heyi anyigba didia ɖe dzi, eye afima wògblẽ eƒe nuwo le kple agbe baɖabaɖa nɔnɔ.


Matsɔ nu nyɔŋuwo axlã ɖe wò, maɖi gbɔ wò, eye matsɔ wò aɖo kpɔdzidzee.


ne naɖo ŋui, ŋukpe nalé wò, eye wò nu nade ga le ŋukpe ta, nenye be, metsɔ nusiwo katã nèwɔ la, ke wò, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe!


Eyata wò hã ŋukpe nenɔ dziwò, le esi nexɔ nya ɖe nɔviwònyɔnuwo ta ŋuti, etso wò nuvɔ̃ nyɔŋu, siwo newɔ wu wo la, na be, wo to dzo wu towo. Eyata ŋu nekpe wò, eye wò ŋukpe nenɔ dziwò, le esi nètso afia na nɔviwònyɔnuwo ta.


Le eƒe ŋubiabia ƒe vodada ta medo dɔmedzoe, eye meƒoe ɖo, medo dɔmedzoe, eye meɣla ɖokuinye, tete wòdze go helé eƒe tamesusu ƒe mɔ tso.


Ke Axaz sia gãwo nu tovo ɖe dzi ɖe Yehowa ŋu le ɣeyiɣi, si me woxaxae ɖo.


Tete Mose kple Aron woyi Farao gbɔ, eye wogblɔ nɛ bena: Ale Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la, gblɔ esi. Zi nenie gɔ̃ nagbe be, yemabɔbɔ ɖokuiwò nam oa? Ɖe asi le nye dukɔ la ŋuti, bena wòaɖasubɔm!


Migatsɔ nu kɔkɔe la na avũwo o, eye migatsɔ miaƒe dzonu nyuiwo hã ƒu gbe ɖe hawo ƒe ŋku me, ne woaganyã avuzi le wo dzi kple woƒe afɔwo, hafi agbugbɔ ava vuvu mi o.


Ke esi wògblẽ wo katã vɔ la, dɔwuame sesẽa ɖe va anyigba ma katã dzi, eye hiã de asi etutu me.


Eye wòdi be, yeatsɔ akanyi, si hawo ɖuna la, ade yeƒe dɔ me, ke amea ɖeke menae a:


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite