Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 14:27 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 Amesi ke metsɔ eƒe atitsoga, eye wòva dze yonyeme o la, mate ŋu anye nye nusrɔ̃la o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

27 Ame si matsɔ eƒe atitsoga akplɔm ɖo o la mate ŋu anye nye nusrɔ̃la o.

Gade chapit la Kopi




Luka 14:27
12 Referans Kwoze  

Eye amesi ke metsɔ eƒe atitsoga ɖo eɖokui dzi dze yonyeme o la, eya medzem o.


Ke Yesu kpɔe du, eye wòlɔ̃e, gblɔ ne bena: Nu ɖeka susɔ na wò; heyi ɖadzra nusiwo le asiwò, eye natsɔ wo ana ame dahewo; ekema kesinɔnu anɔ dziƒo na wò, eye nava anɔ yonyeme, eye natsɔ atitsoga la.


Ke amesiwo katã ɖina be, yewoanɔ agbe ɖe mawusosroɖa nu le Kristo Yesu me la, woati woawo hã yome tsã.


hele ŋusẽ ɖom nusrɔ̃lawo ƒe luʋɔwo, eye wole nu xlɔ̃m wo be, woanɔ xɔse la me; eye bena xaxa geɖewo me to ge míala tsã ayi ɖe mawufiaɖuƒe la me.


ke esi ke meli nɛ o ŋuti la, enɔa anyi ʋee ko, eye ne fukpekpe kple yometiti le nya la ŋuti va la, enumake woɖia enu.


nusi ta mekpe nusiawo ƒe fu hã ɖo, ke ŋu mekpem o: elabena menya amesi dzi mexɔ se, eye menyae pete bena, ŋusẽ le esi wòate ŋu adzra nusi wode asi nam la ɖo hena ŋkeke ma.


Eye wòlé Yesu, eye wokplɔe yii, eye wòdo go hele eya ŋutɔ ƒe atitsoga la tsɔm yina ɖe teƒe, si woyɔna be ametakoliƒe, eye woyɔnɛ le Hebri-gbe me be Golgata;


Eye wozi Simon, Kirenetɔ, Aleksandro kple Rufo fofo, amesi tso agbleta va to wo ŋuti yina la dzi bena, wòatsɔ eƒe atitsoga la.


Elabena ameka le mia dome, ne ele didim be, yeatu mɔ̃ la, mabɔbɔ nɔ anyi gbã, eye wòabu eŋu kɔnta, ne nu le esi, be wòawu enu la o mahã?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite