Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 14:26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Ne amea ɖe va gbɔnye, eye melé fu fofoa kple dadaa kple srɔ̃a kple viawo kple nɔviaŋutsuwo kple nɔvianyɔnuwo, ẽ, ye ŋutɔ ƒe agbe gɔ̃ hã o la, mate ŋu anye nye nusrɔ̃la o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

26 “Ame si di be yeanɔ yonyeme la, ele nɛ be wòalɔ̃m wu fofoa, dadaa, srɔ̃a, viawo, nɔvia ŋutsu alo nɔvia nyɔnu. Ɛ̃, le nyateƒe me, ele nɛ be wòalɔ̃m wu eya ŋutɔ ƒe agbe gɔ̃ hã. Ne menye nenema o la, mate ŋu anye nye nusrɔ̃la o.

Gade chapit la Kopi




Luka 14:26
18 Referans Kwoze  

Amesi ke lɔ̃a fofo alo dada wum la, eya medzem o.


Amesi ke lɔ̃a eƒe agbe la, abui: eye amesi ke léa tu eƒe agbe le xexe sia me la, adzrae ɖo ɖi hena agbe mavɔ.


Ẽ, fifi gɔ̃ mebu wo katã nu bubu le Kristo Yesu, nye Aƒetɔ nyanya, si ƒo wo katã ta la ŋuti, amesi ta meɖe asi le nusiawo katã ŋuti ɖo, eye mebu wo aɖukpo dzi nuwoe, bena nye asi nasu Kristo dzi,


Gake la nyemebui naneke o, eye nyemebu nye agbe hã nu xɔasi na ɖokuinye o, bena mawu nye mɔzɔzɔ kple subɔsubɔ, si mexɔ tso Aƒetɔ Yesu gbɔ la nu, be maɖi ɖase le Mawu ƒe amenuveve nyanyuie la ŋuti.


Eye woɖu edzi to alẽvi la ƒe ʋu kple woƒe ɖaseɖiɖi ƒe nya la me, eye womelɔ̃ woƒe agbe o vaseɖe ku me.


Wogblɔ le wo fofo kple wo dada ŋu be, yewo mele wo kpɔm o; womedze si wo nɔviŋutsuwo o, eye womenya woƒe viŋutsuwo o; ke boŋ woɖo to wò nyawo, eye wolé wò nubabla me ɖe asi.


abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Yakob la melɔ̃, ke Esau la melé fu.“


Ne ŋutsua ɖe ɖe nyɔnu eve, eye wòlɔ ɖeka, ke melɔ̃ evelia o, eye esi wòlɔ̃na kple esi melɔ̃na o la siaa dzi viwo nɛ, gake esi melɔ̃na o la tɔ nye eƒe ŋgɔgbeviŋutsu,


Eye ameha geɖewo yi kplii, eye wòtrɔ gblɔ na wo bena:


Eɖo ŋu bena: Nyemayi kpli mi o, boŋ magbugbɔ ayi nye anyigba dzi kple ƒonyemeawo gbɔ.


Mele fu wo gbidigbidi, futɔwo wozu nam.


Eye bubu gblɔ bena: Meɖe srɔ̃; eyata nyemate ŋu ava o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite