Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 14:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Eye aƒetɔ la gblɔ na dɔla la bena: Do go yi mɔ gãwo dzi kple kpɔwo godo, eye nazi wo dzi be, woava me, bena nye aƒe la nayɔ fũ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

23 “Aƒetɔ la gagblɔ na subɔvia be, ‘Enyo, yi dua ƒe mɔ gãwo dzi kple kpɔwo godo, eye nàƒoe ɖe ame siwo katã nàkpɔ la nu be woava, be aƒea me nayɔ.

Gade chapit la Kopi




Luka 14:23
37 Referans Kwoze  

amesi míawo míele gbe ƒã ɖem hele nu xlɔ̃m amesiame, eye míele nu fiam amesiame le nunya sia nunya me, bene miaɖo amesiame anyi blibo le Kristo me:


Azɔ esi míenya Aƒetɔ la vɔvɔ̃ la, míeƒoa nya ɖe amewo nu, ke míedze ƒã le Mawu ƒe ŋku me; ke mele mɔ kpɔm bena, míedze ƒã le miaƒe dzitsinya me hã.


Ɖe gbe ƒã nya la, nɔ edzi, vovoɣi li alo vovoɣi meli o, ka mo, gbe nya, xlɔ̃ nu le dzigbɔɖeanyi kple nufiafia katã me.


Eyata azɔ míenye ame dɔdɔwo le Kristo teƒe, abe alesi Mawu le nu xlɔ̃m to mía dzi ene, eye míeɖea kuku le Kristo teƒe bena: Mina woalé avu le mia kple Mawu dome!


nenye bena, mienɔ xɔse me, abe amesiwo gɔme wodo anyi, eye wole tsitre sesĩe ene, eye miagana woate mi ɖa tso nyanyuie ƒe mɔkpɔkpɔ, si miese, si woɖe gbe ƒã na nuwɔwɔwo katã le dziƒo te, esi ƒe subɔla nye Paulo mezu la me o.


Ke megblɔ be: Alo ɖe womesee o mahã? Ẽ, vavãe! Woƒe numegbe ɖi hoo le anyigba blibo la katã dzi, eye woƒe nyawo de xexeme ƒe seƒewo ke.


Eyaŋuti miawo hã minyae bena, wodo Mawu ƒe xoxo sia ɖe trɔ̃subɔlawo gbɔ; eye woawo la woaɖo toe.


Ke esi wole nya ŋem ɖe enu, eye wole busunyawo gblɔm la, eʋuʋu eƒe awuwo me hegblɔ na wo bena: Miaƒe ʋu nava mia ŋutɔwo miaƒe ta dzi: nye la ŋutinye kɔ; tso esia dzi la mayi ɖe trɔ̃subɔlawo gbɔ.


Eɖo ŋu eƒe amenuveve kple nuteƒewɔwɔ na Israel ƒe aƒe la Anyigba ƒe mlɔenuwo katã kpɔ mía Mawu, ƒe xɔname.


Esi míenye hadɔwɔlawo ŋuti la, míele nu xlɔ̃m mi hã bena, miagaxɔ Mawu ƒe amenuveve la dzodzro o.


Eye woava me le ɣemaɣi be, dukɔwo adi Isai ƒe ke, si nye aflaga li na anyigba dzi dukɔwo la yome, eye eƒe gbɔɖemeƒe anye atsyɔ̃.


Gake Aƒetɔ la gblɔ nɛ bena: Heyi, elabena amesia enye dɔwɔnu tiatia nam, be wòatsɔ nye ŋkɔ la ayi ɖe trɔ̃subɔlãwo kple fiawo kpakple Israel-viwo ƒe ŋku me;


Eyakeŋuti mele egblɔm na mi bena: Woaxɔ mawufiaɖuƒe la le mia si, eye woatsɔe ana dukɔ, si atse ku la.


Eye woava me be, woaku kpẽ gã la, eye amesiwo bu ɖe Asur-nyigba dzi kple amesiwo wonyã de gbe ɖe Egipte-nyigba dzi la, ava ado gbe ɖa le Yehowa ŋku me le to kokoe la dzi le Yerusalem.


Elabena nye ŋkɔ lolo le dukɔwo dome tso ɣedzeƒe va-seɖe ɣetoɖoƒe, eye woado dzudzɔ ahasa vɔ dzadzɛ na nye ŋkɔ le teƒewo katã; elabena nye ŋkɔ lolo, le dukɔwo dome, Yehowa Zebaot ye gblɔe.


Wò dukɔ atsɔ eɖokui ake wò le wò aʋakpegbe, eye wò ɖekakpuiwo anɔ atsyɔ̃ɖoɖo kɔkɔe me ado na wò abe zãmu tso agudzedze ƒe dɔ me ene.


Eye esi wode mawutsi ta nɛ kple eƒeme katã la, eɖe kuku gblɔ bena: Ne miebum bena, mezu Aƒetɔ la dzixɔsela la, ekema miva aƒenye me, eye mina afima Eye wozi mia dzi.


Eye wozi edzi gblɔ bena: Na anyi kpli mí, elabena zã le dodom, eye ŋkeke la yi vɔ. Eye wòyi de eme, be yeanɔ anyi kpli wo.


eye amesi ke azi dzi wò be, nazɔ kplii gaƒoƒo ɖeka la, zɔ eve kplii.


Eye ɖɔla la gblɔ bena: Aƒetɔ, wowɔ se, si nède la dzi, eye gake nɔƒe gali.


Elabena mele egblɔm na mi bena: Ŋutsu mawo, siwo wokpe la, dometɔa ɖeke maɖɔ nye fiẽnuɖuɖu la akpɔ o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite