Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 14:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Eye ameawo katã de asi taflatsedodo me kple tame ɖeka. Gbãtɔ gblɔ ne bena: Meƒle anyigba, eye wòle vevie nam be, mayi aɖakpɔe ɖa; meɖe kuku na wò, bui taflatse nam.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

18 “Gake ame sia ame de asi taflatsedodo me esi subɔvi la yi. Ame ɖeka do taflatse be yeƒle anyigba aɖe eye yedi be yeayi aɖalé ŋku ɖe eme, eya ta yemate ŋu ava o.

Gade chapit la Kopi




Luka 14:18
24 Referans Kwoze  

Eye esi Yesu kpɔe la, egblɔ bena: Ale wòsẽ na amesiwo si nu le la be, wòayi ɖe mawufiaɖuƒe la me enye esi.


Eye woaɖe to ɖa le nyateƒe la ŋuti, eye woatrɔ ayi gliwo gbɔ.


eye mielɔ̃ be, miava gbɔnye, bena míakpɔ agbe o.


Eva ye ŋutɔ tɔwo gbɔ, eye ye ŋutɔ tɔwo mexɔe o.


Eye esi ge ɖe ŋuwo me la, woawo nye amesiwo see, eye wodzo heyi, eye agbagbadzedze kple kesinɔnuwo kple agbe ƒe dzidzɔwo vu tsyɔ wo dzi, eye wometsena ɖina o.


bena amea ɖeke maganye ahasiwɔla alo ahɔhlɔ̃bɔla abe Esau, amesi tsɔ ye ŋutɔ ƒe ŋgɔgbedzidzi ƒle le nuɖuɖu zi ɖeka ta la ene o.


Elabena Dema gblẽm tii, le esi wògalɔ̃ fifi xexe sia me la ŋuti, eye wòyi ele Tesalonika; Kreske yi de Galatia, Tito yi de Dalmatia.


Ameka maƒo nu na, eye maɖi ɖase na, be woasee? Kpɔ ɖa, woƒe to meŋɔ, ne woalé to ɖe nya ŋu o. Kpɔ ɖa, Yehowa ƒe nya zu alɔmeɖenu na wo, eƒe nu medze wo ŋu o.


eye esi fiẽnuɖuɣi la ɖo la, edɔ eƒe dɔla la be, woagblɔ na amesiwo wokpe la bena: Miva, elabena nuawo sɔ gbe vo.


Bubu gblɔ bena: Meƒle nyi eveveve teƒe atɔ̃, eye meyina be, mado woakpɔ; meɖe kuku na wò, bui taflatse nam.


Wònye nye la ŋuɖoɖo ɖe ŋutilã ŋu gɔ̃ hã anɔ asinye hafi, ne ame bubua ɖe bu bena, yeate ŋu aɖo dzi ɖe ŋutilã ŋuti la, nye la mewui;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite