Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 14:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eye wògblɔ na amesi kpee hã bena: Ne èɖo ŋdɔ- alo fiẽkplɔ̃ la, megayɔ xɔ̃wòwo alo nɔviwòwo, alo wò ƒometɔwo, alo hawòvi kesinɔtɔwo o, bena woawo hã nagakpe wò, eye woaɖo eteƒe na wò o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 Azɔ etrɔ ɖe ame si kpee ɖe kplɔ̃ ŋu la gbɔ gblɔ nɛ be, “Ne èɖo kplɔ̃ la, mègakpe xɔ̃wòwo, nɔviwòwo kple wò ƒometɔwo kple kesinɔtɔwo o. Elabena woawo hã ava kpe wò ɖe kplɔ̃ ŋu emegbe.

Gade chapit la Kopi




Luka 14:12
13 Referans Kwoze  

Elabena ne mielɔ̃a amesiwo lɔ̃a mi la, fetu ka kpɔm miele mahã? Alo menye nudzɔlawo hã wɔa nenema ke o ɖe?


Ne wote ame dahe ɖe anyi la, eƒe nuwo ko wobe, nedzi ɖe edzi; ke ne wona nu kesinɔtɔ la, ahedada wònye wokplɔ ƒui.


Ame dahe ƒe hatiwo ke hã léa fui; ke xɔlɔ̃ bɔ ɖe kesinɔtɔ si.


Eya dɔwuitɔwo kple nu nyuiwo, eye kesinɔtɔwo la eɖo wo ɖa ƒuƒlu.


Eye esi eƒe aƒelikawo kple eƒe ƒometɔwo se bena, Aƒetɔ kpɔ nublanui geɖe nɛ la, wokpɔ dzidzɔ kpakplii.


Elabena amesiame, si ado eɖokui ɖe dzi la, woabɔbɔe ɖe anyi, eye amesi abɔbɔ eɖokui ɖe anyi la, woadoe ɖe dzi.


Ke boŋ, ne èɖo kplɔ la, yɔ ame dahewo, nuwɔametɔwo, bunɔwo, ŋkuagbãtɔwo,


Teƒeɖoɖo sia nu mele egblɔm na mi — abe ɖeviwo megblɔe na ene — bena miawo hã miakeke mia ɖokui.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite