Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 13:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Eye wòdo lo sia bena: Amea ɖe do gboti ɖe eƒe weingble me, eye wòva ɖi kutsetsewo le edzi, eye mekpe ɖeke o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 Azɔ Yesu yi dzi do lo sia be, “Ŋutsu aɖe do kutsetseti aɖe ɖe eƒe abɔ me, eye wòvaa atia te edziedzi be yeakpɔ be etse ku aɖe mahã, gake mekpɔa kutsetse aɖeke le edzi o.

Gade chapit la Kopi




Luka 13:6
14 Referans Kwoze  

Menye miawoe liam ke boŋ nyee tia mi, eye meɖo mi anyi, bena miayi aɖatse ku, eye miaƒe kutsetse la nanɔ anyi, bena nusi ke miabia Fofo la le nye ŋkɔa dzi la, ne wòana mi.


Ke Gbɔgbɔ ƒe kutsetse enye: Lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmekɔkɔ, dɔmenyonyo, anukwaretɔnyenye,


Weinka nyuitɔ tso ka vavãtɔwo dome nenye metsɔ do, ke aleke wɔ nètrɔ zu nuka ƒe abɔwo nam?


Menye be, mele nane dim o, ke boŋ mele didim bena, kutsetse nasɔ gbɔ ɖe edzi na miaƒe akɔnta.


Yehowa be: Maɖe wo ɖa keŋkeŋ, ale be weintsetsea ɖeke manɔ weinka ŋu o, gbotsetsea ɖeke manɔ gboti dzi o, eye aŋgba ayra, eye madɔ amesiwo ava ƒo ɖe wo dzi la, ɖe wo ŋu.


Ke wotsɔ fia ɖo atiwo ƒe ke dzi gɔ̃ hã xoxo; azɔ ati sia ati, si metsea ku nyui o la, wolãnɛ, eye wotsɔnɛ ɖea dzo me.


Gbeɖe, ke boŋ mele egblɔm na mi bena: Ne mietrɔ le miaƒe dzi me o la, mi katã miatsrɔ̃ nenema ke.


Tete gboti gblɔ na wo bena: Magblẽ nye tsi vivi kple nye kutsetse xɔasiwo ɖi, ne mayi aɖanɔ agba sam ɖe atiwo dzia?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite